Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye fu le eƒo, eye wòle ɣli dom le fuɖuame ŋuti, eye vidzidzi nye do nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Fu nɔ eƒo, eye wònɔ ɣli dom esi wònɔ ku lém be yeadzi vi.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 12:2
12 Referans Kwoze  

Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


Vinyewo, amesiwo ƒe fu gale ɖuyem, halase esime woamè Kristo ƒe nɔnɔme ade nua me!


Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; ke ne edzi vi la vo la, emegaɖoa ŋku eƒe nuxaxa dzi o, le dzidzɔ ta bena, yedzi ame ɖe xexeame.


Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Dzi nadzo wò konɔ, si medzi vi o; tso aseye, eye nado ɣli, wò, amesi melé ku kpɔ o la; elabena amesi tsi akogo la, vi geɖe anɔ esi awu srɔ̃tɔ.“


Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.


Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nado aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo.


Alesi ne funɔ ƒe vidzidzi tu aƒe wonoa togotogoe ƒom nɔa ɣli dom le veve sese ta la, Yehowa, nenema míenɔ le ŋkuwò mee.


Howɔwɔ ƒe ɖiɖi tso dua me, gbe tso gbedoxɔ me, Yehowa, amesi aɖo eteƒe na eƒe futɔwo la ƒe gbe ye!


Azɔ nukaŋutl nẽle aƒa ɖom ale? Ɖe fiaa ɖeke megale me-wò o, eye adaŋudela bu ɖe wò, ale be nẽle ku lém abe nyɔnu, si le vi ɖzim la enea?


Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite