Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 12:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye dzi ku ŋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo ɖea Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Dzi ku ʋɔ driba la vevie ɖe nyɔnu la ŋu, eye wòyi be yeaɖawɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi mamlɛawo, ame siwo ɖoa to Mawu kple eƒe sededewo, eye wolé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi me ɖe asi sesĩe la.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 12:17
26 Referans Kwoze  

Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le.


Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu ne. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.


Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si ɖo tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo.


Eye esime wòɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ amesiwo wowu le Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi, si wolé ɖe asi ŋuti la, ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui la te;


amesi ɖi ɖase le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti, abe alesi wòkpɔ nuawo katãe ene.


Eye wona ŋusẽe, be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye ne wòaɖu wo dzi, eye wona ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple trɔ̃subɔlawo katã dzi.


Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.


Amesi ke xɔa Mawu ƒe Vi la dzi sena la, eya kpɔa ɖaseɖiɖi sia le eɖokui me; amesi ke mexɔa Mawu dzi sena o la, eya do Mawu aʋatsokalae; elabena mexɔ ɖase, si Mawu ɖi le Via ŋuti la, dzi se o.


Ne míelɔ̃a Mawu, eye mieléa eƒe seawo me ɖe asi la, esia me míedze sii le bena, míelɔ̃a mawuviwo.


Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.


Eye mekpɔ lã la kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo ƒo wo ɖokui nu ƒu, be yewoawɔ aʋa kple amesi le sɔ dzi la kple eƒe aʋakɔ la.


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.


Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o.


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Ke anyigba xɔ na nyɔnua, eye anyigba ke nu, eye wono tɔsisi, si ʋɔ driba la tu tso eƒe nu me la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite