Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 11:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔli, ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi la o; ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu, eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zi ale si wolɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 11:6
11 Referans Kwoze  

Ke nyateƒe gblɔm mele na mi bena: Ahosi geɖewo le Israel le Eliya ƒe ŋkekewo me, esime wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade, eye dɔwuame gãa ɖe va anyigba la katã dzi;


Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!


Nane wɔ mí tututu! Ameka aɖe mí atso mawu ŋusẽtɔ siawo si me? Woawo nye mawu, siwo tsɔ dɔvɔ̃ geɖewo wu Egiptetɔwo le gbeɖzi!


Eye mawudɔla evelia ku kpẽ la, eye wotsɔ nane, si le abe to gãa ɖe ene hele bibim kple dzo la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye ƒu ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu ʋu;


Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me.


Eye mawudɔla evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu abe ame kukua de ƒe ʋu ene, eye nu gbagbe sia nu gbagbe, si le ƒua me la ku.


Eye mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye wotrɔ zu ʋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite