Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 11:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe, eye du la ƒe mama ewo dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre (7,000) tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu dziƒoʋĩtɔ la.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 11:13
21 Referans Kwoze  

eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.


Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.


Tete Yosua gblɔ na Axan bena: Vinye, de bubu Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye na woakafui! Gblɔe nam dzro, nuka gɔ̃ nèwɔ? Megada alakpa nam o!


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi.


Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme tu, eye wòtsɔe ƒu gbe de anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ.


Miɖe bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu, hafi ne blukɔ nava do, hafi miaƒe afɔ nava kli blukɔ ƒe towo, eye mianɔ mo kpɔm na kekeli, gake wòana woazu tsizi, eye wòana viviti nado.


Mina dzi nadzɔ mí, eye míatso aseye, eye mina miatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo.


Miwɔ miaƒe ƒoƒoeawo kple afi, siwo le miaƒe anyigba gblẽm la, ƒe nɔnɔme, eye miɖe bubu Israel ƒe Mawu la ŋu! Ɖewohĩ ana eƒe asi, si va mia ŋutɔwo kple miaƒe mawuwo kpakple miaƒe anyigba dzi la, dzi naka aɖe.


Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.


Gake la èkpɔ ŋkɔ ʋeea ɖewo le Sardes, esiwo meƒo ɖi woƒe awuwo o, eye woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabena wodze.


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.


Yehowa Zebaot atsɔ dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi sesi, ya kple ahom kpakple dzoƒaɖe binu ahe to na wò.


Ale wogayɔ amesi ƒe ŋkuwo gbã tsã la zi evelia, eye wogblɔ nɛ bena: Tsɔ kafukafu na Mawu, miawo míenyae bena, amesia la nuvɔ̃wɔla wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite