Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 11:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wose gbe gãa ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm na wo bena: Miva dziƒo afii! Eye woyi dziƒo le alilikpo me, eye woƒe futɔwo kpɔ wo ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Miva dziƒo afii.” Ale woyi dziƒo le lilikpo me, eye woƒe futɔwo da ŋku ɖe wo dzi.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 11:12
21 Referans Kwoze  

Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.


Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me.


Esime wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwo va klã woa kple eve la dome, eye Eliya to ahom me yi dziƒo.


emegbe la mi amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.


Eye wòdzi ŋutsuvi, si latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã; eye wotsɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ.


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


Eye le tsieƒe, esi wòle fukpekpe me la, ewu eƒe mo dzi, eye wòkpɔ Abraham ɖa ʋĩ, eye Lazaro le eƒe akɔnu.


Amekawoe nye esiawo, siwo le ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene?


ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Tete nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi, siwo le Yerixo la, te ɖe Elisa ŋu gblɔ nɛ bena: Enyae be. Yehowa le wò aƒetɔ kɔ ge agbɔ tawò ayii egbea? Eɖo ŋu bena Nye hã menyae, mizi ɖoɖoe.


Esime Yehowa le Eliya kɔ ge ato ahom me ayi dziƒoe la, Eliya kple Elisa wotso le Gilgal.


Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.


Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake;


Ame vɔ̃ɖi kpɔe, eye dzi kui, eɖu aɖukli, eye wòabu ɖa. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu ayi.


Wɔ dzesi le ŋunye hena nyui, ne nye ketɔwo nakpɔe, ŋu nakpe wo, elabena wò Yehowae kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.


Ameka alia Yehowa ƒe to, eye ameka atsi tre ɖe eƒe teƒe kɔkɔe la?


Dawid ƒe ha. Yehowa, ameka adze wò gbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?


Eye nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo dome ame blaatɔ̃ yi ɖatsi tre ɖe wo kasa le adzɔge; ke wo kple eve la wovi Yordan nu.


Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite