Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 11:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre, eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo la.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 11:11
11 Referans Kwoze  

Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.


Ke ne amesi fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe Gbɔgbɔ nɔ mia me la, ekema amesi fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, agbɔ agbe miaƒe ŋutilã, siwo le kuku ge la, hã le eƒe Gbɔgbɔ, si no mia me la ŋuti.


Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.


Eye dukɔwo ƒe ƒomeawo kple gbegbɔgblɔwo kpakple trɔ̃subɔlawo dometɔa ɖewo lakpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womaɖe mɔ be, woaɖi woƒe ŋutilã kukuawo o.


Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze hame blibo la katã kple amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.


gblɔ na wo bena: Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi, ŋɔdzi, si le mia ŋu la, va lé mí, eye anyigbadzitɔwo katã de asi nua vɔvɔ̃ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite