Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 10:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eye wòta amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, amesi wɔ dziƒo kple nusiwo le eme kple anyigba kple nusiwo le edzi kpakple atsiaƒu kple nusiwo le eme la, bena ɣeyiɣia ɖeke naganɔ anyi o,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 eye wòyɔ eya ame si nɔ agbe tegbetegbe, ame si wɔ dziƒowo kple nu siwo katã le wo me, anyigba kple nu siwo le edzi kple atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la ƒe ŋkɔ heka atam be, “Heheɖemegbe aɖeke maganɔ anyi o!

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 10:6
14 Referans Kwoze  

Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.


Eye mawudɔla adrelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe ya me, eye gbe gãa ɖe ɖi tso gbeɖoxɔa me tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Wowɔe vɔ!


Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la,


Ke Abram gblɔ na Sodom-fia bena. Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la


Eye makplɔ mi ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Nye Yehowa matsɔe na mi wòanye mia tɔ.


Elabena ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dzi kple anyigba, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe. Eyata Yehowa yra dzudzɔgbe la, eye wòwɔe kɔkɔe.


Miade anyigba, si ŋu meka atam ɖo na mi be, mianɔ edzi la dzi o, negbe Kaleb, Yefune vi, kple Yosua, Nun vi ko.


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe metia Israel, eye mekɔ nye asi dzi na Yakob ƒe aƒe ƒe ƒomea, mede ɖokuinye fía wo le Egipte-nyigba dzi, eye mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu la,


Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me.


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena:


Eye wona lawu ʋlaya ɣi wo dome amesiame, eye wogblɔ na wo bena, woadzudzɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe, yiɖase esime woƒe hadɔlawo kple wo nuvi, siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la, hã ƒe xexlẽme nu nade.


Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ, elabena ènyae be, vovoɣi via ɖe ko yekpɔ.


Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite