Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 10:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye megaŋlɔ wo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu, gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔe da ɖi o.”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 10:4
13 Referans Kwoze  

Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.


Fiẽ kple ŋdi ƒe ŋutega, si ŋu woƒo nu le na wò la, nyateƒee; dzra ŋutega la ɖo ɖe ta me, elabena eteƒe le didi ge.


Eɖo ŋu bena Daniel, heyi, elabena nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi.


Eye wògblɔ nam bena Megade agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo nu o; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


Ale ŋutegawo katã anɔ na mi, abe agbalẽ, si nu wotre la me nya ene, esi ne wotsɔe na agbalẽnyala gblɔ be: Xlẽe la, aɖo ŋu be: Nyemate ŋui o, elabena wotre enu


Bia ɖaseɖiɖi la, eye natre nufiame la nu ɖe nye nusrɔ̃viwo me.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Tso nuŋlɔkpe gãa ɖe, eye naŋlɔ nuŋɔŋlɔ hahootɔ ɖe edzi bena: Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!


Azɔ ŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple nusiwo li kpakple nusiwo le vava ge le nusiawo megbe la.


Eye gbe, si mese tso dziƒo la, gaƒo nu kplim, eye wògblɔ bena: Yi naɖaxɔ agbalẽvi, si le ʋuʋu le mawudɔla, si le tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite