Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wòdo ɣli kple gbe gãa ɖe, abe alesi dzata ɖea gbe ene, eye esime wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 eye wòdo ɣli sesẽ aɖe abe dzata ƒe gbeɖeɖe ene. Esi wòdo ɣlia la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe ɖi.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 10:3
16 Referans Kwoze  

Elabena ale Yehowa gblɔ nam enye si: Alesi dzata kple dzatavi nɔa gbe tem ɖe nuléle ŋu, eye ne woyɔ lãkplɔviwo ɖe eŋu kpaŋkpaŋ hã, woƒe ɣli meɖea dzi le eƒo o, eye meɖoa to woƒe howɔwɔ o la, nenema Yehowa Zebaot aɖi ɖe anyi, ne woawo aʋa le Zion-to la kple eƒe togbɛ la dzi.


Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo;


Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.


Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.


Eye mese gbea ɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si mese la, le abe saŋkuƒola, siwo le woƒe saŋkuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene.


Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme tu, eye wòtsɔe ƒu gbe de anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ.


Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?


Eye wò la nagblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu agblɔ na wo bena: Yehowa le gbe ɖem tso dzi me, eye wòna eƒe gbe ɖi tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la me; ele gbe ɖem ɖe eƒe lãnyiƒe ŋu, eye wòtso ayiboopɛɛ abe weinfiãlawo ene ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu.


Yehowa ho abe kalẽtɔ ene, eɖe dzo ŋuʋaʋã me abe aʋawɔla ene, edo ɣli, eye wòtso ayiboopɛɛ, eɖe ŋusẽ fia ɖe eƒe futɔwo ŋu.


Wole gbe ɖem abe dzatanɔ ene, eye wole xaxlɔ̃m abe dzataviwo ene; wole gbe tem helé nu tso dzoe, eye amea ɖeke mate ŋu axɔe o.


Fia ƒe nyanyrã le abe dzatavi ƒe gbetete ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu le gbe dzi ene.


Eye nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adre, siwo Mawu, si le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ la, na mawudɔla adreawo.


Yehowa ƒe gbe di ɖe tsiwo dzi; bubu ƒe Mawu la ɖe gbe, Yehowa ɖe gbe ɖe tsi gãwo dzi.


Eye wose Kerubiawo ƒe aʋala ƒe ɖiɖi le xɔxɔnu kɔtoetɔ ke abe Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne ele nu ƒom ene.


Woakplɔ Yehowa ɖo, ne eɖe gbe be dzata ene; elabena ele gbe ɖe ge, eye ɣetoɖoƒeviwo aɖe abla ava.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite