Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye agbalẽvi, si woʋu la, de esi, eye wotsɔ eƒe nuɖusifɔ da ɖe atsiaƒu dzi, eye wotsɔ eƒe miãfɔ da ɖe anyigba dzi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Elé agbalẽ sue aɖe ɖe asi, esi le ʋuʋu le eƒe asiƒome. Etsɔ eƒe ɖusifɔ da ɖe atsiaƒu me, tsɔ eƒe miafɔ da ɖe anyigba dzi,

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 10:2
13 Referans Kwoze  

Eye mawudɔla, si mekpɔ wòle tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la, do eƒe nuɖusi ɖe dziƒo,


Eye esime wòɖe nutrenu evelia ɖa la, mese nu gbagbe evelia le gbɔgblɔm bena: Va!


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò ate me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.


Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!


Eye esime alẽvi la ɖe nutrenuawo ƒe ɖeka ɖa la, mekpe, eye mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka le gbɔgblɔm abe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi ene bena: Va!


Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite