Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 10:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye wogblɔ nam bena: Ele na wò be, nagagblɔ nya ɖi le dukɔwo kple trɔ̃subɔlawo kple gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Eyi edzi gblɔ nam be, “Ele na wò be nàgagblɔ nya ɖi tso ame geɖewo, dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.”

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 10:11
13 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi ɖe ƒu siawo ŋu gblɔ na wo bena: Mi ƒu ƒuƒuwo, mise Yehowa ƒe nya!


Eye wògblɔ nam bena: Tsi, siwo nèkpɔ, siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ la, wonye dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo.


Eye mekpɔ mawudɔla bubua de le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyuie mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinuwo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ,


Eye dukɔwo ƒe ƒomeawo kple gbegbɔgblɔwo kpakple trɔ̃subɔlawo dometɔa ɖewo lakpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womaɖe mɔ be, woaɖi woƒe ŋutilã kukuawo o.


Tete wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi do ɖe gbɔgbɔ, amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na gbɔgbɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbɔgbɔ tso ya eneawo gbɔ nava, agbɔ ɖe ame kuku siawo me, ne woagbã agbe!


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Eye mexɔ agbalẽvi fa le mawudɔla la si, eye memii, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene, eye enumake esi meɖui la, eɖu dɔme nam.


Eye wotsɔ ayeti, si le abe atitɔɖeŋu ene la, de asi nam hegblɔ bena: Tsi tre, eye nadzidze mawuxɔ la kple mlekpui la kpakple amesiwo doa gbe ɖa le eme la.


eye wonye fia adre: Wo ame atɔ dze anyi, eye ɖeka ti, mamletɔ la meva haɖe o, eye ne eva la, ele ne be, wòanɔ anyi ʋee ko.


Eye dzo ewo, si nekpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka.


Eye mana nye nya, siwo katã megblɔ ɖe anyigba ma ŋu la, nava edzi; nya, siwo katã Yeremya gblɔ ɖi ɖe dukɔwo katã ŋu woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite