Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye mexɔ agbalẽvi fa le mawudɔla la si, eye memii, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene, eye enumake esi meɖui la, eɖu dɔme nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Mexɔ agbalẽ sue la le mawudɔla la si, eye meɖui. Evivi le nye nu me abe anyitsi ene, ke esi meɖui vɔ la, etrɔ zu nu veve le nye dɔ me.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 10:10
9 Referans Kwoze  

hegblɔ nam bena: Amevi, tso agbalẽ, si metsɔ na wò la, ɖi ƒoe, eye natsɔe ayɔ wò dɔgboe! Eye meɖui, wòviví le nu me nam abe anyitsi ene.


Nya dzeto la anyitsi wonye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.


Wo nyawo vivi na nye veme wu anyitsi le nye nu me.


Nye susuwo avivi enu; nye la, Yehowa ŋu ko makpɔ dzidzɔ ɖo.


Yehowa vɔvɔ̃ dza, eye wònɔa anyi daa; Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ.


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Eye wòkekee ɖe ŋkunye me, woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo, eye woŋlɔ konyifahawo, hũɖeɖewo kple vevesesewo ɖe eme.


Eye meyi mawudɔla la gbɔ yi ɖagblɔ nɛ be, wòatsɔ agbalẽvi la nam. Eye wògblɔ nam bena: Xɔe, eye namii, eye wòaɖu dɔme na wò, ke wòavivi le wò nu me abe anyitsi ene.


Eye wogblɔ nam bena: Ele na wò be, nagagblɔ nya ɖi le dukɔwo kple trɔ̃subɔlawo kple gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite