Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Woayra ame si xlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo, woayra ame siwo see, eye wotsɔ emenyawo de woƒe dzi me la, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 1:3
15 Referans Kwoze  

Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.


Eye wògblɔ nam bena Megade agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo nu o; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la.


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Woayra amesi ɖoa tom hedzɔa nye ʋɔtru nu gbesiagbe, eye wòkpɔa nye agbo ƒe agbalinu dzi.


Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.


Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.


Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie! Amen, Aƒetɔ Yesu va!


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Zã la va yi vɔ, eye ŋu le kekem! Azɔ la minɛ miaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa, eye miado kekeli ƒe aʋawɔnuwo!


Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.


Eye Yeremya gblɔ na Seraya bena; Ne èva Babel la, ekema ɖo ŋu anyi, eye naxlẽ nya siawo katã


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite