Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 1:10
13 Referans Kwoze  

Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam,


Eye wòkplɔm heyi gbedzi le gbɔgbɔ me, eye mekpe nyɔnua ɖe bɔbɔ nɔ lã dzẽa de, si ta adre kple dzo ewo li na, eye busuŋkɔwo le eŋuti fũ la dzi.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ.


Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.


Azɔ esi kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ma ƒe fiẽsi ɖo, eye afisi nusiawo le la ƒe ʋɔtru le tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la, Yesu va tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi!


Egblɔ na wo bena: Aleke gɔ̃ wo Dawid yɔe le gbɔgbɔ me be Aƒetɔ, esi wògblɔ bena:


Eye le ŋkeke enyi megbe la nusrɔ̃lawo gale xa ma me, eye Toma le wo dome. Yesu va, eye ʋɔtruawo le tutu, eye wòle tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ bena: Ŋutifafa na mi!


Eye Bileam fɔ kɔ dzi, kpɔ alesi Israel ƒu asaɖa anyi tototoe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,


Eyata mana mianyae bena, amesi le nu ƒom le Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, ɖeke megblɔa busunya ɖe Yesu ŋuti o; eye amea ɖeke mate ŋu ayɔ Yesu be Aƒetɔ o, negbe le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me ko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite