Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ekpɔ mía fofowoƒe hiã le Egipte, eye nèse woƒe ɣli le Avaƒu la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Èkpɔ mía tɔgbuiwo ƒe fukpekpe kple nuxaxa le Egipte, eye nèse woƒe ɣlidodo tso Ƒu Dzĩ la to.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:9
8 Referans Kwoze  

Ɖe mekpɔ nye dukɔ, si le Egipte la, ƒe momenuveve, eye mese woƒe ŋeŋe, eye meɖi va wo ɖe ge, eye azɔ va, ne mado wò ɖe Egipte.“


Heyi, ne naƒo Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo nu fu, eye nagblɔ na wo bena: Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la, de eɖokui liam gblɔ bena: Medo ŋku mia dzi, eye mekpɔ nusi dzɔ de mia dzi le Egipte.


Eye Mawu kpɔ Israel-viwo ƒe nublanui, eye wòve wo nu.


Eye Israel kpɔ ŋusẽ gã, si Yehowa ɖe fia ɖe Egiptetɔwo ŋuti la. Eye dukɔ la vɔ Yehowa, eye wòxɔ Yehowa kple eƒe dɔla Mose dzi se.


gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.


Eye dukɔ, si woanye kluviwo na la, nye la madrɔ̃ ʋɔnui, Mawue gblɔe. Eye nusiawo megbe la woaɖo go, eye woasubɔm le teƒe sia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite