Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Euni, Serebya, Bani kple Kenani wotsi tre ɖe Lewi-viwo ƒe kɔkɔƒe la, eye wodo ɣli kple gbe sesi na Yehowa, woƒe Mawu la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Levitɔ aɖewo nɔ agba la dzi, eye wonɔ Yehowa kafum kple aseyetsohawo. Ame siawoe nye, Yesua, Bani, Kadmiel, Sebania, Buni, Serebia, Bani kple Kenani.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:4
13 Referans Kwoze  

Dukɔ la tsi wo teƒe, eye Yesua. Bani, Serebya, Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azarya, Yozabad, Xanan, Pelaya kple Lewi-viwo wode se la me na dukɔ la.


Lewi-viwo nye Yesua, Binui, Kadmiel, Serebya, Yuda kple Matanya; eya kple nɔviawo le kafukafuhadzihawo nu,


Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta.


Eye Lewi-viwo, siwo tso Kehat viwo kple Korax viwo dome la, tsi tre, eye wodo ɣli sesĩe kafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la hoo.


Eye esi wògblɔ esia la, edo ɣli kple gbe, sesẽ bena: Lazaro lee, do go!


Ne mele ɣli dom le eyɔm hã le, etua nu ɖe nye gbedodoɖa nu.


Mɔzɔha. Yehowa, globoƒe mete yɔwòm tso!


Asaf ƒe ha na henɔ Yedutun.


Ke wò, Yehowa, enye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi.


Eya yome Lewi-viwo ɖɔe ɖo: Rexum, Bami vi, ɖɔe ɖo; amesi kpe ɖe eŋu le eɖɔɖɔɖo me hena eƒe nutowo me la, enye Xosabye, amesi nye amegã le Kegila-nutowo ƒe afa me.


Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite