Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 “Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:32
42 Referans Kwoze  

gblɔ bena: Ao, Yehowa, dziƒo Mawu, wò Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, amesi lea nubabla kple amenuveve me de asi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe seawo me ɖe asi la,


Eyata nyae bena, Yehowa, wò Mawu la, Mawu vavã kple Mawu anukwaretɔ wònye, amesi wɔa eƒe nubabla kple nublanuikpɔkpɔ dzi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe se dzi la, vaseɖe dzidzime akpe dzi;


Aƒetɔ, mía kple míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo kple mía fofowo, mí amesiwo wɔ nuvɔ̃ de ŋuwò la, mía tɔe nye ŋukpe.


Eye mede gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me gblɔ bena; Ao, Aƒetɔ, wò Mawu ga dziŋɔ, amesi dzraa nubabla kple amenuveve ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe sewo me ɖe asi!


Míegbe toɖoɖo wò dɔla nyagblɔɖilawo, amesiwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, mía fofowo kple dukɔ hahoo la katã.


Miva, ne miakpɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔ; eya, amesi wɔ nu dziŋɔwo ɖe amegbetɔviwo ŋu!


Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò.


Mi dukɔwo katã, miƒu akpe, eye mitsɔ aƒadodo tso aseye ɖe Mawu ŋu!


Le nusiwo katã va mia dzi le míaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo kple miaƒe fɔɖiɖi gã ta la megbe la, elabena to míaƒe dzidadawo gbɔ hã la èkpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí…


Wowu Zedekiya viwo le eŋku me, eye wogbã ŋku na Zedekiya hede gãe kplɔ yi Babel.


Eŋɔli Egipte-fia Farao Nexo ho ɖe Asur-fia ŋu le Frat-tɔsisi la nu, eye ba Yosiya ho ɖakpee; ke esime wòkpɔe la, ewui le Megido.


Eye Asur-fia Salmanaser ho ɖe eŋu, eye Hosea zu eƒe dɔla hedzo nu nɛ.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Eŋɔli Asur-fia Pul va dze anyigba la dzi, eye Menaxem tsa klosalo talento akpe ɖeka na Pul, be woakpe ɖe ye ŋu, ne fiaɖuɖu la nali ke ɖe ye si me.


gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mele abe wò ene le dziƒo afime kple anyigba dzi afi o; èdzra nubabla kple amenuveve ɖo na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple woƒe dzi blibo.


Womegadzi ŋɔ na wò o, elabena Yehowa, wò Mawu, si nye Mawu gã, si ŋu vɔvɔ̃ le la, le dowòme.


ekema nye hã mado dɔmedzoe atsi tre ɖe mia ŋu, eye mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


ekema nye hã matsi tre ɖe mia ŋu, eye magaɖe fu na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Gake ne miaƒe nuwɔwɔwo gatsi tre ɖe ŋunye ko, eye miegbe toɖoɖom la, ekema magaɖe fu na mi de dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Ne nusiawo va tso, hafi miegaɖo tom o la, ekema mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


Eyome Mose xlẽ nusiwo katã Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo le Israel ta, kple fu, siwo katã dzɔ ɖe wo dzi le mɔ ta, kpakple alesi Yehowa ɖe wo la, na toa.


wova Zerubabel kple aƒekɔwo ƒe lalɔwo gbɔ gblɔ na wo bena; Míawo hã míatui kpli mi, elabena míele mía Mawu la dim abe míawo ke ene, eye eya míele vɔ sam na tso gbesigbe Asur-fia Asar-Xadon kple mi va afisiae la.


hekpe ɖe dukɔ bubu, siwo fia ga Asnapar, amesi ŋu bubu le, kplɔ va ɖo Samaria-ɖu me kple anyigba bubu, siwo le tɔsisi la ƒe go keme dzi, kple nya bubuwo. —


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Ne miese se siawo, mielé wo me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, mia Mawu, awɔ nubabla kple nublanuikpɔkpɔ, si ŋu wòka atam ɖo na mia fofowo la dzi,


eye wòalɔ̃ wò, ayra wò, eye wòana nadzi ɖe dzi, ayra wò dɔmevi kple wò anyigba dzi nukuwo, wò bli, wò wein kple wò ami, wò nyinɔ kple wò alẽnɔ, le anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Le Hosea ƒe ƒe asiekelia me la Asur-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israel yi Asur hetsɔ wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kpakple Media-duwo me.


vaseɖe esime Yehowa ɖe Israel ɖa le eƒe ŋku ta, abe alesi wògblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo katã dzi ene, eye wòkplɔ Israel tso eƒe anyigba dzi yi Asur vaseɖe egbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite