Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Ke esi wonya kpɔ gbɔdzɔe ko la, wogawɔ nu vɔ̃ɖi le ŋkuwò me; tete nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wonyã avuzi le wo dzi; emegbe wogado ɣli na wò, eye nèsee le dziƒo heɖe wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu zi geɖewo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 “Ke esi nuwo nɔ yiyim na wo nyuie ko la, wò amewo gatrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu, eye nègana woƒe futɔwo gaɖu wo dzi. Ke ne wò amewo trɔ va gbɔwò, ɖe kuku na wò, bia wò kpekpeɖeŋu ko la, ègaɖoa to wo tso dziƒo, eye nèɖea wo to wò amenuveve gã la me!

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:28
12 Referans Kwoze  

Yehowa, alea wò futɔwo katã atsrɔ̃ enye si! Ke amesiwo lɔ̃nɛ la le, abe alesi ɣe dzena kple ŋusẽ ene. Eye anyigba la ŋu fa ƒe blane sɔŋ.


ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye natsɔe ake, wɔ edzi, eye nawɔ na amesiame le eƒe zɔzɔwo katã nu, abe alesi nènya eƒe dzi mee ene, elabena wò ɖeka koe nya amegbetɔviwo katã ƒe dzi me;


Ke esi Ehud ku la, Israel viwo gade asi nusi medze Yehowa ŋu o la wɔwɔ me.


Ale Moabitɔwo ge ɖe Israel ƒe asi te ɣemaɣi, eye anyigba dzi la ƒe blanyi sɔŋ.


Do ŋku ɖa tso dziƒo, eye nakpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe nyo la me! Afika wò ŋuʋaʋã kple wò nutsuwɔwɔwo le? Wò dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ de megbe le ŋunye.


eye wòɖe mí tso míaƒe ketɔwo si me, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Ke ne ʋɔnudrɔ̃la la ku la, ekema wotrɔna, eye wogblẽna de dzi wua wo fofowo, wodzea mawu bubuwo yome, subɔa wo hedea ta agu na wo, eye womedea asi le woƒe nuwɔwɔ kple tamesesẽ ŋu o.


Woƒe futɔwo xaxa wo ɖo, ale be wobɔbɔ ɖe woƒe ŋusẽ te.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite