Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ena wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba, si ŋu nègblɔ le na wo fofowo be, woayi adaxɔe wòanye wo lɔ la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Èna Israelviwo dzi sɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba si ŋugbe nèdo na wo tɔgbuiwo la dzi.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:23
12 Referans Kwoze  

eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.


Ke Dawid mexlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple amesiwo mekpɔ xɔ nenema haɖe o la, ɖe eme o, elabena Yehowa do ŋugbe be, yeawɔ Israel wòasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Nye amedzro le anyigba sia dzi, eye manɔ anyi kpli wò, eye mayra wò. Elabena matsɔ anyigba blibo la katã ana mia kple wò dzidzimeviwo, eye mawɔ atam, si meka na fofowò Abraham la dzi.


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:


Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae.


Eye miatrɔ zu ʋee, ɖe esi miasa gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene la teƒe, elabena meɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o.


Eye Israel-viwo dzi hele agbɔ sɔm ɖe dzi ŋutɔŋutɔ, wokeke ta, eye woxɔ anyigba la dzi.


Gake esi wole wo tem ɖe anyi hã la, dzidzim ko wole ɖe dzi, eye wole ta kekem, ale be wòde asi Israel-viwo vɔvɔ̃ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite