Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 wogbe toɖoɖo, womedo ŋku nukunu, siwo newɔ na wo la dzi o, wolia kɔ, eye woɖo tatɔ na wo ɖokui, be yewoagbugbɔ ayi yewoƒe kluvinyenye me le Egipte. Ke wò la, Mawu, si tsɔa nuvɔ̃wo kena la nènye, ènye amenuvela kple nublanuikpɔla, ènye ame fafa, eye wò amenuveve sɔ gbɔ, eye mègblẽ wo ɖi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 “Wogbe wò Seawo dzi wɔwɔ, eye womebu nukunu siwo nèwɔ le wo dome o, ke boŋ wodze aglã, eye wotia kplɔla aɖe be wòakplɔ yewo atrɔ ayi kluvinyenye me le Egipte! Ke tsɔtsɔke ƒe Mawu kple amenuvela nènye. Mèdoa dɔmedzoe kabakaba o; lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ le mewò, eya ta megble wo ɖi o,

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:17
43 Referans Kwoze  

Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi, eye vɔ̃wɔwɔ venɛ.


Ke wò, Aƒetɔ la, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela nènye, ègbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe asiwò.


Elabena egblɔ na Mose bena: „Makpɔ nublanui na amesi ke makpɔ nublanui na, eye nye dɔme atrɔ ɖe amesi ke ŋuti nye dome atro ɖo la ŋuti.“


Ke eya la nublanuikpɔla wònye, etsɔa vodada kena, eye metsrɔ̃a ame o; eɖoa asi eƒe dɔmedzoe dzi zi geɖe, eye meɖea esi le eƒe dziku katã ŋu o.


Eye manɔ Israel-viwo dome, eye nyemagblẽ nye dukɔ Israel ɖi o.


Mía fofowo melé ŋku ɖe wò nukunuwo ŋule Egipte o, womeɖo ŋu wò amenuveve geɖeawo o, eye wosẽ to le ƒu la nu, le Avaƒu la nu.


eye woƒe ŋku dzo le eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe nukunu, siwo wòna wokpɔ la dzi.


Yehowa, mía Mawu, nenɔ kpli mí, abe alesi wònɔ kple mia fofowo ene, megagblẽ mí ɖi o, eye megagbe mí o;


Woŋlɔ eƒe dɔwɔwɔwo be kaba, eye womekpɔ eƒe tameɖoɖo sinu o.


Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.


Mikpɔ nyuie, bena miagagbe amesi le nu ƒom na mi la o; elabena ne ame mawo, esi wogbe amesi gblɔ nya fia wo le anyigba dzi la, eye womete ŋu si le enu o la, geɖe wu miawo míate ŋu asi o, ne mietrɔ tso amesi ɖe eɖokui fia tso dziƒo la gbɔ;


amesi mia fofowo melɔ̃ be, yewoaɖo toe o, hafi boŋ wotu asii ɖa, eye wòtrɔ yi ɖe Egipte le woƒe dziwo me


Esi mele ame yɔm, eye miegbe, meke nye abɔwo, eye amea ɖeke melé ŋku ɖe eŋu o,


Mekplɔ mí ɖe anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, ne nahayi agblewo kple weingblewo tsɔ ge na mí hã o! Ɖe nèbe, yeaɖe ŋku le to me na ŋutsu siawoa? Míegbɔna afia ɖeke o!


Ke Mose gblɔ bena: Nukaŋuti miele Yehowa ƒe se la dzi dam? Mehele edzi dze ge o!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Zi nenie gɔ̃ dukɔ sia ado vlom, eye zi nenie woagbe dzinye xɔxɔ ase? Evɔ wonye mewo dzesi geɖewo le wo dome hafi?


Ke mètsrɔ̃ wo ɖikaa o, eye mègblẽ wo ɖi o le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu elabena Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nènye.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la, ava du sia kple eƒe duwo katã dzi; elabena wolia ʋume goŋgoŋ hegbe nye nyawo sese.


Wosẽ to ɖe nye sewo ŋu vloe wu dukɔwo, eye ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba, siwo ɖe to ɖe wo godoo; elabena wogbe nye seawo, eye womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


Yehowa gbɔa dzi ɖi blewu, eye ŋusẽ gã le esi, ke megbea tohehe o. Yehowa ƒe mo to ahom kple ya ʋuduʋudu me, eye alilikpowo nye eƒe afɔ ƒe ʋuʋudedi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Mekpɔ bena, dukɔ sia la dukɔ kɔ lialiatɔ wònye.


Ke ne wole woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, nyemagbe wo o, eye nyemanyɔ ŋu wo o, nyematsrɔ̃ wo keŋ o, eye nyematu nye nubabla le mia kpli wo dome o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.


Elabena Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta; elabena edze egɔme, be wòawɔ mi mianye dukɔ nɛ.


Edze aglã ɖe fia Nebukadnezar, amesi na wòta Mawu nɛ la hã ŋu, esẽ ʋu me, eye wosẽ eƒe ta me, ale be metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.


Elahena kluviwo míenye, ke mía Mawu megblẽ mí ɖi ɖe míaƒe kluvinyenye la me o, ke boŋ eve mía nu le Persia-fiawo ŋku me, ne woana agbe naɖo mía me, ne míatu mía Mawu le xɔ la, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo, eye gli nano mia si le Yuda kple Yerusalem.


womelé Mawu ƒe nubabla la me de asi o, eye wogbe zɔzɔ de eƒe seawo nu,


ke womeɖo tom o, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o, ke boŋ wosẽ ʋume, eye wogblẽ wu wo fofowo.


Elabena nye dukɔ la ŋlɔm be, eye wódoa dzudzɔ na nu dzodzroawo, siwo kplɔa wo ɖa tsoa woƒe mo, si nye toƒe mava la dzi, ne woazɔ mɔ kple toƒe xexewo;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite