Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ena wonya wò dzudzɔgbe kɔkɔe la, eye nègblɔ sewo, ɖoɖowo kple nufiamewo na wo towò dɔla Mose dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:14
17 Referans Kwoze  

Eye metsɔ nye dzudzɔgbewo hã na wo, ne woanye dzesi anɔ mía kple wo dome, eye woadze sii be, nye Yehowa ye kɔ wo ŋu.


Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.


mikɔ nye dzudzɔgbewo ŋu, ne woanye dzesi anɔ mía kpli mi dome, eye wòadze sii be, nye Yehowa yenye mia Mawu.


Mikpɔ ɖa Yehowa na dzudzɔgbe mi, eyata wòna nuɖuɖu mi le ŋkeke adelia dzi ɖe ŋkeke eve nu. Amesiame natsi aƒe, eye amea ɖeke nagado go le aƒe me le ŋkeke adrelia dzi o!


Eye wògblɔ na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Yehowa. Nusi miatsɔ aƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye nusi miatsɔ aɖa la, miɖae; ke esi susɔ la, midzrae ɖo hena etsɔ.


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Ɖo ŋu nya, si nègblɔ na wò dɔla Mose bena: Ne míewɔ nu tovo la, ekema maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome;


Esiawo nye ɖaseɖiɖi kple ɖoɖo kpakple se, siwo Mose gblɔna Israel-viwo, le esime woʋu tso Egipte,


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


Esiawo nye se, siwo Yehowa gblɔ na Mose le Sinai-to la dzi, be woade na Israel-viwo.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Va gbɔnye le to la dzi, eye natsi anyi, ne matsɔ kpe, siwo dzi meŋlɔ ɖoɖoawo kple seawo ɖo, bena nafia wo la, na wo!


Amesiame nayɔ dada kple fofoa, eye miaɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Ne anyigba dzi dukɔwo tsɔ adzɔnu kple bli vovovowo va dzadzra ge le dzudzɔgbe la, míaƒle wo le wo si le dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔewo dzi o; míana agblewo navo le ƒe adrelia me, eye míelĩ fe o.


Mena nye ɖoɖowo wo, eye meɖe nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, fia wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite