Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 9:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Emã ƒu la me le wo ŋgɔ, eye woto ƒuƒuiƒe le ƒu la titina; ke èxlã wo yometilawo ɖe tɔ me, abe alesi kpe dzea tɔ sesẽwo me ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 9:11
16 Referans Kwoze  

Emã atsiaƒu me ɖe eve, eye wòna woto eme, ena tsiwo dzɔ kã abe gli ene,


Le xɔse me woto Ƒudzie la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene, nusi wɔwɔ Egiptetɔwo hã te kpɔ, eye woku ɖe tsi la me.


Etrɔ atsiaƒu wòzu ƒuƒuiƒe; afɔ wotsɔ tso tɔsisi lae; gama míekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu le!


Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,


Elabena nyemele didim be, miaganyae o, noviwò, bena mía fofowo katã nɔ alilikpo la te, eye wo katã woto ƒu la me,


Yehowa le aʋa wo ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!


Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.


Ke Israel-viwo ya zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe mia me.


wò amesi wɔ dzesiwo kple nukunuwo le Egipte-nyigba dzi ɖe Israel kple amegbetɔwo siaa nu vaseɖe egbe, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wòle egbe siawo ene,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite