Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 8:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete dukɔ blibo la yi be, yewoaɖaɖu nu ano nu, eye woana nu amewo, eye woatu aglo gã; elabena wose nya, si wogblɔ na wo la gɔme.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ale ameawo kaka, woyi ɖadi ŋkekenyuinuwo ɖu, wono nu, eye woɖo nunanawo ɖe wo nɔewo kple hiãtɔwo. Enye dzidzɔŋkekenyui gã aɖe woɖu, elabena wokpɔ mɔnu se Mawu ƒe nya, eye wote ŋu se egɔme hã.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 8:12
25 Referans Kwoze  

Yehowa, wò xɔname le dzroyem, eye wò se la enye nye dzidzɔ.


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Alo míaƒe dzi melé dzo le mia me, esi wòle nu ƒom na mi le mɔa dzi, eye wòle ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?


Nye nuyiwo adudu kafukafu aƒo ɖi, elabena èfia wò ɖoɖowom.


Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.


Eyatae melɔ̃a wò seawo wu sika kple sika nyuitɔ ɖo.


Wò ɖaseɖiɖiwo nye nye domenyinu tegbee, elabena woawoe nye nye dzi ƒe dzidzɔ.


Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wonye ɖaa.


Wò nu me sewo nyo nam wu sika kple klosalo akpe nanewo.


Nye dzeme akɔ ɖewò ɖoɖowo ŋu, nyemaŋlɔ wo be o.


Mekpe dzidzɔ ɖe wò ɖaseɖiɖi ƒe mɔwo ŋu abe ɖe kesinɔnu vovovowo ŋu ene.


Nyemete ɖe aga le eƒe nuyi ƒe sewo ŋu o, eye medzra eƒe nu me nyawo ɖo wu nye ŋutɔ nye se.


Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.


Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wo ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Eye wògblɔ na wo bena: Miyi, ne miaɖu aminu, eye miano aha vivi, eye miɖo ɖe de amesiwo si ɖeke mele o la, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ na mia Aƒetɔ la, migaxa nu o; elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ̃ sesẽ.


Eye Lewi-viwo la akɔ na dukɔ blibo la gblɔ bena: Mizi ɖoɖoe, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ; eye migaxa nu o!


Le ŋkeke eveagbe la dukɔ blibo la, nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo va kpe la de agbalẽfiala Ezra gbɔ, be yewoase se la me nyawo gɔme.


abe ŋkeke, siwo dzi Yudatɔwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, kple dzinu, si dzi woƒe vevewo trɔ zu dzidzɔ, eye nuxaxa trɔ zu ŋkekenyuie ene; ne woatsɔ wo awɔ aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbewoe, esiwo dzi woaɖo nuɖuɖu ɖe wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo le.


Woɖu nu no nu le Yehowa ŋku me gbemagbe kple dzidzɔ geɖe, eye woɖo fia Salomo, Dawid vi, zi evelia, wosi ami nɛ heɖo amegãe na Yehowa, eye wòsi ami na Zadok heɖo nunɔlae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite