Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 8:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wògblɔ na wo bena: Miyi, ne miaɖu aminu, eye miano aha vivi, eye miɖo ɖe de amesiwo si ɖeke mele o la, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ na mia Aƒetɔ la, migaxa nu o; elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ̃ sesẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Nehemia gblɔ na wo be, “Miyi miaɖu nuɖuɖu nyui, miano aha vivi, eye miaɖo ɖe ɖe ame siwo mekpɔ naneke ɖa o. Esia nye ŋkeke kɔkɔe na míaƒe Aƒetɔ la. Migaxa nu o, elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nye miaƒe ŋusẽ.”

Gade chapit la Kopi




Nehemia 8:10
32 Referans Kwoze  

Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.


Eyata yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nano wò wein le dzidzeme me, elabena gbaɖegbe ke Mawu tso na wò nuwɔwɔ sia.


Israel nekpɔ dzidzɔ ɖe ewɔla ŋu; Zion-viwo netso aseye ɖe woƒe ena ŋu!


Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.


Eyata Yudatɔ, siwo le kɔƒewo kple du nuvowo me la, tso dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia wo dzidzɔkpɔgbe, aglotugbe kple ŋkekenyuie, si dzi woɖoa nuɖuɖu ɖe wo nɔewo le.


Elabena xaxa me dodokpɔ geɖe me woƒe dzidzɔ ƒe agbɔsɔsɔ fũ kple woƒe ahedada, si nu sẽ la, gba go le le woƒe dzimekɔkɔ ƒe kesinɔnuwo me.


abe ŋkeke, siwo dzi Yudatɔwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, kple dzinu, si dzi woƒe vevewo trɔ zu dzidzɔ, eye nuxaxa trɔ zu ŋkekenyuie ene; ne woatsɔ wo awɔ aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbewoe, esiwo dzi woaɖo nuɖuɖu ɖe wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo le.


Ke be amea ɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.


Ɖe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ana nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene.


Ma nu ɖe akpa adre, ɖe akpa enyi, elabena menya dzɔgbevɔ̃e ka le anyigba dzi va ge o.


Wònye nye la ŋuɖoɖo ɖe ŋutilã ŋu gɔ̃ hã anɔ asinye hafi, ne ame bubua ɖe bu bena, yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋuti la, nye la mewui;


Gake mietsɔ nusiwo le eme la, wɔ nunana na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nuwo katã le dzadze na mi.


Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu!


Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia.


Mi Zion-viwo, mitso aseye, ne miakpo dzidzɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu; elabena atso tsidzadza ayra mi, ana adatsi kple keletsi nadza ɖe mia dzi abe tsa ene.


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Bia wò ɖekakpuiawo, ne woagblɔe na wò! Eyata ve wò ɖekakpuiwo nu, elabena ŋkeke nyui dzi mieva. Na nusi le asiwò la wò dɔlawo kple viwò Dawid!


Eye Lewi-viwo la akɔ na dukɔ blibo la gblɔ bena: Mizi ɖoɖoe, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ; eye migaxa nu o!


Tete dukɔ blibo la yi be, yewoaɖaɖu nu ano nu, eye woana nu amewo, eye woatu aglo gã; elabena wose nya, si wogblɔ na wo la gɔme.


Ze, siwo katã le Yerusalem kple Yuda la ŋu: akɔ na Yehowa Zebaot; vɔsalawo katã ava atsɔ wo aɖa nu le wo me, eye nudzrala ɖeke maganɔ Yehowa Zebaot ƒe me le ɣemaɣi o.


Le ŋkeke enyiagbe la edo mɔ dukɔ la, woyra fia la, eye woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, siwo katã Yehowa wo na eƒe dɔla Dawid kple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.


Keklẽ kple atsyɔ̃ɖoɖo le egbɔ, eye ŋusẽ kple dzidzɔ le enɔƒe.


Woatso aseye le wò ŋkɔ me gbawotsyogbe, eve woado wò ɖe dzi le wò dzɔdzɔenyenye me.


Azɔ ale Yehowa, amesi mèm tso dɔ me ke hewɔ eƒe dɔlae, ne wòakplɔ Yakob agbɔe, eye wòaƒo Israel nu ƒu la gblɔ nam esi; elabena bubu le ŋunye le Yehowa ŋku me, eye nye Mawu enye nye ŋusẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite