Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 6:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eyata wodae ɖo, be mavɔ̃, eye mawɔ alea ahawɔ nuvɔ̃, ne nya vɔ̃ naɖi woase ahatsɔ aɖe alɔmee le ŋunye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 6:13
24 Referans Kwoze  

Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.


Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.


Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Amesi vivia nu me na ehavi la, eɖoa ɖɔ na eƒe afɔ.


Ale woŋlɔ ɖe eme enye si: Eɖi le dukɔwo dome wose, eye Gasmu be, mia kple Yudatɔwo mieɖo be, yewoadze aglã, eyata nele glia ɖom, eye nele didim be, yeanye woƒe fia; kple nya bubuwo.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta.


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


Ke nusi mewɔna la, mawɔe hã, bene mana mɔnukpɔkpɔ nu natso na amesiwo dia mɔnu, bene woakpɔ wo le nusi me woƒo adegbe le la me abe míawo hã ene.


eye woɖo aʋatsoɖaseɖilawo, amesiwo gblɔ bena: Nenem me sia midzudzɔ nuƒoƒo ɖe teƒe kokoe la kple se la ŋu o;


Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã le aʋatsoɖaseɖiɖiwo dim ɖe Yesu ŋuti, bena yewoawui;


Tete farisitɔwo yi, eye wode adaŋu alesi woawɔ, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Ke wò amevi, nenye be, nèle dza kple aŋɔkawo gbɔ, eye nètso aƒe ɖe dziɖegbewo gbɔ hã la, megavɔ̃ wo o, eye megavɔ̃ woƒe nyawo o! Megavɔ̃ woƒe nyawo o, eye woƒe mo megatso dzika ƒo na wò o, elabena ƒome sẽto wonye;


Ke wò la, bia ali dzi, eye tso naɖagblɔ nya, siwo katã made asiwò la, na wo. Womegadzi ŋɔ na wo o, ne màgana ŋɔ nadzi wò le wo ŋku me o.


Amekae le ŋɔ dzim na wò, eye ameka vɔ̃m nèle, be nèzu alakpatɔ, meɖo ŋku dzinye o, eye nya mede dzigbɔ na wò o? Esi mezi kpi eteƒe didi la, menye eyatae negbem vɔvɔ̃ ɖo oa?


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.


Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesiuɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.


Medze sii be, menye Mawue dɔe o; elabena ɖeko wògblɔ nya ɖi ɖe ŋunye, le esi Tobiya kple Sanebalat wodae ŋunye la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite