Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 6:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye meyi Semaya, Mehetabeel vi Delaya ƒe vi, amesi do ʋɔ ɖe eɖokui nu la ƒe me, eye wògblɔ bena. Mina míayi gbedoxɔ gãtɔ me le mawuƒe la me, eye míado gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo; elabena wogbɔna wu wò ge; zã mee wogbɔna wu wò ge.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Gbe ɖeka la, meɖi tsa yi Semaya, Delaya ƒe vi, ame si nye Mehetabel ƒe tɔgbuiyɔvi, ame si tu ʋɔ ɖe eɖokui nu le eƒe aƒe me la gbɔ, elabena egblɔ nam be, nya aɖe tso Mawu gbɔ gbɔna na ye. Esi meɖo la, egblɔ nam be, “Na míayi aɖabe ɖe gbedoxɔ la me, eye míatu ʋɔtruawo goŋgoŋgoŋ, elabena wogbɔna be woawu mí le zã sia me.”

Gade chapit la Kopi




Nehemia 6:10
21 Referans Kwoze  

Eye Yeremya de se na Barux bena: Mele ga me, nyemate ŋu ayi Yehowa ƒe me o.


Eye du blibo la katã tɔ zi, eye ameawo le du ƒum va le ta kpem, eye wole Paulo, eye wohee do goe tso mawuxɔ la me, eye wodo ʋɔtruawo enumake.


Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.


Esi mia dometɔ ɖeka nahatu agboawo, be miaganɔ dzo dom ɖe nye vɔsamiekpui dzi ɖe yakatsyɔ teƒe o ɖe! Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanua ɖeke dim tso; mia si o, Yehowa. Zebaot ye gblɔe.


Eye gbagba la ɖo menye hefɔm ɖe te ɖe nye afɔwo dzi, eye wòƒo nu kplim gblɔ nam bena: Yi naɖatu ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu le aƒewò me.


Yakamewo ƒe nuƒoƒo tsrɔ̃a wo haviwo; ke nunya wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe.


Ame vɔ̃ɖi ɖoa vɔ̃ ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu, eye wòɖua aɖukli ɖe eŋu.


Yehowa, xɔ na ame, elabena mawumemewo nu tso, eye anukwaretɔwo bu le amegbetɔviwo dome!


Medze sii be, menye Mawue dɔe o; elabena ɖeko wògblɔ nya ɖi ɖe ŋunye, le esi Tobiya kple Sanebalat wodae ŋunye la ta.


Amesiwo tso Xarim viwo dome la, wonye Eliezer, Yisiya, Malkiya, Semaya, Simeon,


Tete medɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zaxarya kple Mesulam, amesiwo nye nufialawo.


Wodo akpatala ƒe ʋɔtruwo hã, eye wotsi akaɖiawo, wometsɔ dzudzɔdonu la do dzudzɔe o, eye womesa vɔ le kɔkɔeƒe la na Israel ƒe Mawu la o.


Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me le dzinu gbãtɔ me la enu Yehowa ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖo wo ɖo.


Eye fia la ƒo Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo nu ƒu, eye wògbã Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo, etu Yehowa ƒe aƒe ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe dzogoewo katã dzi le Yerusalem.


Eɣla ɖe egbɔ le Yehowa ƒe me ƒe ade. Eye Atalya ɖu anyigba la dzi.


Axab ƒe aƒe blibo la atsrɔ̃ gbidigbidi, eye matsrɔ̃ Axab ƒe ŋutsuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.


Eye wòtu xɔŋuxɔewo ɖe xɔ la ƒe gli ŋu godoo, ale be woƒo xlã xɔ la ƒe gliwo kple dodonuxɔ kpakple megbetɔ, eye wotso wo me kotoekotoe.


Esi Baal-Xanan, Axbor vi ku la, Hadar ɖu fia ɖe eteƒe; eƒe fiadu enye Pagu, eye srɔ̃a ŋkɔ enye Mehetabeel. Matred ƒe vinyɔnu kple Mesahab ƒe tɔgbuiyɔvi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite