Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 5:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete mede ŋugble, eye mehe nye ɖe bubumeawo kple amegãwo ŋu gblɔ nu wo bena: Miele mía nɔviwo tafam! Eye meɖi ʋɔnu gãa ɖe ɖe wo ŋu

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Esi mebu nu siawo katã ŋuti vɔ la, mebu fɔ bubumewo kple dɔnunɔlawo. Megblɔ na wo be, “Miele miawo ŋutɔ mia nɔviwo bam!” Ale meyɔ takpekpe gã aɖe na ame hahoawo ne maɖɔ nya sia ɖo.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 5:7
25 Referans Kwoze  

Megabia deme le esi o, eye megaɖi kasae o, bena nɔviwò nanɔ agbe le gbɔwò.


Ne exɔ hawòvi ƒe avɔ awɔbae la, ekema gatsɔe nɛ, hafi ɣe naɖo to,


Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.


Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o. Mígade ame dahe dzi o, eye migakpɔ amegãwo ŋku me o; ke boŋ mídrɔ̃ ʋɔnu mia nɔewo ɖe teƒe.


Gblɔ nusiawo, eye naxlɔ̃ nu, eye naka mo kple ŋusẽ katã! Megana amea ɖeke nado vlo wò o!


Amesiwo wɔ nuvɔ̃ la, ka mo na wo le amewo katã ŋku me, bene mamleawo hã navɔ̃.


Ke esi Petro va Antioxia la, metsi tre ɖe eŋu le eya ŋutɔ ŋku me; elabena wotso enu.


Eyata tso esia dzi la míenya amea ɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la miegale enyam nenema o.


Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel-amegãwo, esɔ gbɔ na mi azɔ! Miɖe asi te ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ŋu; miwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye midzudzɔ adzodada nye dukɔ; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Mokaka ɖe mo na ame kaŋ enyo wu amelɔlɔ̃ le adza me.


Nye dzi tsa wò nya gaɖo ŋkuwò me be: „Midi ŋkunye me!“ Yehowa, ŋkuwò me madi.


Dawid ƒe ha. Yehowa, ameka adze wò gbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?


Ke mínyae be, Yehowa tia mawumeme na eɖokui! Yehowa senɛ, ne meyɔe.


Fetɔ nehe eƒe nuwo katã ɖe akɔme, eye ame tutɔwo neha nusiwo wòwɔ ɖɔ kpɔ la!


Ne edo ga na nye dukɔ la dome ame dahea ɖe si le gbɔwò la, megaɖi kasae o, eye megabia deme hã le esi o.


Ameka atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu nam, eye ameka ado ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu ɖe nunye?


Amesiwo ɖe asi le se la ŋu la, kafua ame vɔ̃ɖiwo, ke amesiwo dzraa se ɖo la, dzea agbo ɖe wo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite