Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Azɔ mía nɔviwo ƒe ŋutilã le abe míaƒe ŋutilã ene, eye wo viwo le abe mía viwo ene; kpɔ ɖa, ele na mí be, míatsɔ mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo awɔ kluviwoe, gɔglɔ̃gɔ la mía vinyɔnuwo dometɔa ɖewo zui xoxo, eye ŋusẽa ɖeke mele mía si o, elabena míaƒe agblewo kple míaƒe weingblewo zu eme bubuwo tɔ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ame daheawo gblɔ be, “Wo nɔviwo míenye, eye mía viwo le ko abe woawo hã tɔwo ke ene. Ke ele be míadzra mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo hafi ate ŋu aɖu nu. Míedzra mía vinyɔnu aɖewo xoxo, eye míagate ŋu axɔ wo o, elabena míetsɔ míaƒe agblewo ɖo awɔbae na ame siawo ke!”

Gade chapit la Kopi




Nehemia 5:5
10 Referans Kwoze  

Eye nyɔnua ɖe tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo ƒe srɔ̃wo dome va gblɔ na Elisa bena: Srɔ̃nye, wo dɔla ku, eye ènyae bena, wò dɔla vɔ̃a Yehowa. Azɔ fetɔ va, be yealé vinyewo kple eve awɔ kluviwoe.


naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.


Mina míatsɔe adzra na Ismaeltɔwo, ke mígade asi eŋu o, elabena mía nɔvi kpamkpam wònye. Eye nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi.


Eye esi naneke mele esi wòatsɔ axee o la, eƒe aƒetɔ la de se bena, woatsɔ eya kple srɔ̃a kple viawo kple nusiwo katã le esi la aƒle, ne woatsɔ aɖo eteƒe.


Tete Laban gblɔ nɛ bena: Nyateƒee, nɔvinye kpamkpam nènye! Ke esi wònɔ egbɔ ɣleti ɖeka la,


Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi; amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite