Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Amea ɖewo gblɔ be: Mía viŋuisuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ, ele na mi be, míaƒle bli aɖu, ne míatsi agbe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ɖewo le gbɔgblɔm be, “Míawo, mía viŋutsuwo kple mía vinyɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ, gake be míakpɔ nu aɖu, atsi agbe la, ele na mí be míadi bli.”

Gade chapit la Kopi




Nehemia 5:2
11 Referans Kwoze  

Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.


Yuda gblɔ na fofoa Israel bena: Ɖe asi le ɖevi la ŋuti nam, bene míadze mɔ ayi, ne míatsi agbe, eye mía ŋutɔwo, wò ŋutɔ kple mía nɔviwo míagaku o.


Eye wògblɔ bena: Mesee vavã bena, bli le Egipte; miyi ne míaƒle bli le afima na mí, bena míatsi agbe, eye miagaku o!


Eye amewo tso afiawo katã va Egipte, be woaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ le afisiafi.


Megaɖe adzɔgbe atsɔ nyɔnu alo ŋutsu ƒe ahasihoa ɖeke ava Yehowa, wò Mawu la, ƒe me o, elabena ŋunyɔnu woa kple eve la siaa nye na Yehowa, wò Mawu la.


Eye nyɔnua ɖe tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo ƒe srɔ̃wo dome va gblɔ na Elisa bena: Srɔ̃nye, wo dɔla ku, eye ènyae bena, wò dɔla vɔ̃a Yehowa. Azɔ fetɔ va, be yealé vinyewo kple eve awɔ kluviwoe.


Amea ɖewo gblɔ be: Míatsɔ míaƒe agblewo, míaƒe weingblewo kple míaƒe xɔwo aɖo awɔba aƒle blii le ɖɔŋɔli la.


Mieƒã nu taŋtaŋ, gake nu ʋeea ɖe ko mieŋe; miedu nu, meɖi ƒo na mi o; mieno nu, meɖi kɔ na mi o; mieta avɔ, mede dzo lã me na mi o; miewɔ dɔ xɔ fetu, eye mietsɔe de kotoku ŋɔŋɔ me.


Nukaŋuti miaku ɖe gbɔwò? Tsɔ bli ƒle mia kple míaƒe agblenyigbawo, bena mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo nanye Farao tɔ! Na bli mí, bena míatsi agbe, eye miagaku, ne míaƒe agblenyigbawo nagazu afuti o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite