Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 5:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mía kple nɔvinyewo kple nye ɖekakpuiawo hã míedo ge kple bli gbana na wo; mina míatsɔ fe la ake wo dzro!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Mí ame bubuawo ya míele ga kple nuɖuɖu dom na mía nɔvi Yudatɔwo, eye míele deme aɖeke xɔm o. Meɖe kuku na mi, bubumewo, midzudzɔ amebaba sia tɔgbi!

Gade chapit la Kopi




Nehemia 5:10
18 Referans Kwoze  

Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!


Azɔ esi míenya Aƒetɔ la vɔvɔ̃ la, míeƒoa nya ɖe amewo nu, ke míedze ƒã le Mawu ƒe ŋku me; ke mele mɔ kpɔm bena, míedze ƒã le miaƒe dzitsinya me hã.


Baba na amesiwo ɖoa dzɔ-gbevɔ̃e ɖe ta me, eye wobua nu vɔ̃ɖl wɔwɔ ŋu le woƒe abawo dzi! Ne agu dze la, wowɔnɛ, elabena ŋusẽ le wo si,


eɖia kasa le agbanadodo me, eye wòxɔa deme la, ɖe wòanɔ agbea? Manɔ agbe o, ke boŋ esi wòwɔa ŋunyɔnu siawo katã ŋuti la, eyata aku, eye eƒe ʋu ava edzi.


meɖia kasa le agbanadodo me o, eye mexɔa deme o, eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye wòtsoa afia na ame kple ehavi ɖe eteƒe,


amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.


Tete mede ŋugble, eye mehe nye ɖe bubumeawo kple amegãwo ŋu gblɔ nu wo bena: Miele mía nɔviwo tafam! Eye meɖi ʋɔnu gãa ɖe ɖe wo ŋu


Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea?


Migbugbɔ woƒe agblewo, weingblewo kple amitigblewo kple woƒe xɔwo kpakple ga kple bli, wein kple ami ƒe alafaliawo ɖeka, siwo mieɖo na wo la, na wo egbea!


Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,


Ale woatsɔ fe ake enye si: Ne amea ɖe ɖo nu na nɔvia la, wòatsɔ fe la ake, mekpɔ mɔ ali fe ehavi alo nɔvia o, elabena Yehowa na be, woaɖe gbe ƒã be, woatso fe ake.


Ne anyigba dzi dukɔwo tsɔ adzɔnu kple bli vovovowo va dzadzra ge le dzudzɔgbe la, míaƒle wo le wo si le dzudzɔgbe kple ŋkeke kɔkɔewo dzi o; míana agblewo navo le ƒe adrelia me, eye míelĩ fe o.


mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite