Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Alea míewɔ dɔ lae; woƒe afa léa akplɔ de asi tso agudzedze me, vaseɖe esime ɣletiviwo tona.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Esi míaƒe futɔwo se be míenya nu tso yewoƒe ɖoɖowo ŋu, eye be Mawu ɖe yewoƒe ɖoɖowo fia mí, eye wògblẽ wo me la, mí katã míetrɔ va yi gli la ɖoɖo dzi.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 4:15
13 Referans Kwoze  

Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi.


Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã!


Eya, amesi gblẽa nu kpoloe ƒolawo ƒe dzesi me, eye wòdoa bometsila afakalawo; eya, amesi nana nunyalawo gbugbɔna, eye wòdoa lã woƒe nunya;


eye miabui nudzeamee be, miano anyi kpoo, eye miawɔ mia ŋutɔwo miaƒe dɔ, eye miatsɔ miaƒe asiwo awɔ dɔ, abe alesi miede se na mi la ene,


Ele abe amea ɖe, si yi nugbe, egblẽ eƒe aƒe eɖi, eye wòna ŋusẽ eƒe dɔlawo, amesiame xɔ eƒe dɔwɔwɔ, eye wòde se na xɔnuvi la bena, wòanɔ ŋudzɔ la ene.


Ne miede adaŋu la, woagblẽ eme, ne mieɖo gbe ɖi la, mava me o; elabena Mawu li kpli mí!


Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.


Eye wova gblɔ na Dawid bena: Axitofel le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu! Tete Dawid gblɔ bena: Yehowa, meɖe kuku, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!


Megbiɔ na dukɔ la ɣemaɣi hã bena: Amesiame kple eƒe ɖekakpui natsi Yerusalem ɖɔ, ne woa-nye dzɔlawo na mi le zã me, eye woawɔ ɖɔ le ŋkeke me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite