Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Tekoatɔwo kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, ke woƒe bubumewo meɖe la woƒe Aƒetɔ ƒe dɔ la te o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ame siwo ɖo gli kplɔ wo ɖo la woe nye, Tekoa ŋutsuwo, gake woƒe bubumewo mede ta dɔ la me le woƒe dzikpɔlawo te o.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:5
17 Referans Kwoze  

Emegbe Tekoatɔwo ɖɔ akpa evelia ɖo le xɔ tsrala gã, si ɖo gɔ̃ la kasa vaseɖe Ofel ƒe gli gbɔ.


Tete Yoab dɔ ame ɖe Tekoa woɖakplɔ nyɔnu dzeaɖaŋua ɖe vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Taflatse, wɔ ɖokuiwò, abe aho wum nèle ene, eye nata ahovɔ, megasi ami o, eye nanɔ abe nyɔnu, si le aho wɔm na ame kuku eteƒe didi ene!


Elabena nɔviwò, mikpɔ mia yɔyɔ la ɖa bena, menye nunyala geɖewo le ŋutilã nu o, menye ŋusẽtɔ geɖewo o, menye bubume geɖewo o;


Azɔ nukaŋuti miele Mawu tem kpɔ be, miatsɔ kɔkuti, si mia fofowo kple mia ŋutɔwo hã miete ŋu tsɔ o la, aku nusrɔ̃lawo ƒe kɔa?


Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.


Esia nye Amos, amesi tso alẽnyilawo dome le Tekoa la ƒe nya, si wòkpɔ ɖe Israel ŋu ƒe eve ɖo ŋgɔ na anyigbaʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli kple Israel-fia Yerobeam, Yoas-vi ŋɔli la.


Meƒo nu kple Yuda-fia Zedekiya ɖe nya siawo nu pɛpɛpɛ gblɔ bena: Mitsɔ miaƒe kɔ de Babel-fia ƒe kɔkuti me, eye misubɔ eya kple eƒe dukɔ, ekema mianɔ agbe.


Eye ne dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe be, yemasubɔ Babel-fia Nebukadnezar o, eye yemade kɔ Babel-fia ƒe kɔkuti me o la, matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe to na dukɔ ma, vaseɖe esime mato eƒe asi dzi atsrɔ̃e keŋkeŋ, Yehowa ye gblɔe.


Ale Yehowa gblɔ nam enye si: Gbe ka, eye nawɔ kɔkuti atsa ku wò kɔ.


Yehowa ƒe dɔla be; Aɖi Meros ŋu! Aɖi eme nɔlawo ŋu kpekpekpe; elabena womeva xɔ na Yehowa o, womeva xɔ na Yehowa le kalẽtɔwo dome o!


Meremot, Hakoz vi Uriya ƒe vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, Mesulam, Mesezabeel vi Berexya ƒe vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, eye Zadok, Baana vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me.


Yoyada, Peseax vi, kple Mesulam, Besodya vi, wode agbo xoxo la woli kpae, eye wode ʋɔtruwo, ʋɔtru ŋu gawo kple ʋɔmedetiwo wo nu.


Etso Betlexem, Etam, Tekoa,


Mi Benyamin-viwo, misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖo Bet-Hakerem; elabena dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ gã tso anyiehe gbɔna.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite