Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eya yome Meremot, Xakoz vi Uriya ƒe vi, ɖɔe ɖo yi dzi tso Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu vaseɖe Elyasib ƒe aƒe ƒe mlɔenu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Meremot, Uria ƒe vi kple Hakɔz ƒe tɔgbuiyɔvi, woɖo gli la ƒe akpa aɖe tso Eliasib ƒe aƒe ƒe agbo ƒe kasa yi aƒe la xa.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:21
8 Referans Kwoze  

Amesiwo tso nunɔlawo dome, wonye: Xabaya viwo, Hakoz viwo kple Barzilai, amesi ɖe srɔ̃ tso Gileadtɔ Barzilai vinyɔnuwo dome, eye woyɔe le nyɔnua ƒe ŋkɔ nu la ƒe viwo.


Amesiwo tso nunɔlawo viwo dome, wonye Xabaya viwo, Hakoz viwo kple Barzilai, amesi de srɔ̃ tso Gileadtɔ Barzilai ƒe vinyɔnuwo dome, eye woyɔe le nyɔnuawo ƒe ŋkɔ nu la ƒe viwo.


Koz dzi Anub, Hazobeba kple Harum vi Axarxel ƒe ƒomeawo.


Le ŋkeke eneagbe la woda klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnuawo le mía Mawu ƒe aƒe la me de asi na nunɔla Meremot, Uriya vi; Eleazar, Pinexas vi, kpe ɖe eŋu, eye Yozabad, Yesua vi, kple Noadya, Binui vi, amesiwo nye Lewi-viwo, kpe ɖe wo ŋu.


Eya yome Barux, Zabai vi, do vevie ɖɔ akpa evelia ɖo tso dzogoea dzi vaseɖe nunɔla ga Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu.


Eya yome nunɔlawo, siwo nye ŋutsuwo tso Yordan-nutowo me la ɖɔe ɖo.


Tete nunɔlagã Elyasib kple si nɔviawo, siwo nye nunɔlawo la, wotso, eye woɖe alẽgbo la, wokɔ eŋu, eye woɖe ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu vaseɖe xɔ tsrala Hamea kple xɔ tsrala Xananel gbɔ.


Meremot, Hakoz vi Uriya ƒe vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, Mesulam, Mesezabeel vi Berexya ƒe vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me, eye Zadok, Baana vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite