Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eya yome Barux, Zabai vi, do vevie ɖɔ akpa evelia ɖo tso dzogoea dzi vaseɖe nunɔla ga Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Emegbe la, Baruk, Zebai ƒe vi, ɖo gli la tso dzogoe la dzi yi Eliasib, nunɔlagã la, ƒe aƒe gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:20
9 Referans Kwoze  

Tete nunɔlagã Elyasib kple si nɔviawo, siwo nye nunɔlawo la, wotso, eye woɖe alẽgbo la, wokɔ eŋu, eye woɖe ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu vaseɖe xɔ tsrala Hamea kple xɔ tsrala Xananel gbɔ.


Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã!


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Nunɔlagã Elyasib vi Yoyada viwo dometɔ ɖeka nye Xoronitɔ Sanebalat ƒe to, eye menyãe ɖa le ŋunye.


Do ŋgɔ na esia la, nunɔla Elyasib, amesi wotsɔ ɖo mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔwo nu, eye wòɖo ƒome kple Tobiya la, dzra xɔ loloe ɖeka me do nɛ,


Eya yome Meremot, Xakoz vi Uriya ƒe vi, ɖɔe ɖo yi dzi tso Elyasib ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu vaseɖe Elyasib ƒe aƒe ƒe mlɔenu.


Amesiwo tso Bebai viwo dome la, wonye Yoxanan, Xananya, Zabai kple Atlai.


Xarim, Meremot, Obadya,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite