Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Milkiya, Xarim vi, kple Xasub, Paxat-Moab vi, woɖo gli la ƒe akpa evelia, eye wotu kpoxɔ tsrala la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ame siwo kplɔ eya hã ɖo lae nye Malkiya, Harim ƒe vi kple Hasub, Pahat Moab ƒe vi, ame si dzra Dzokpomɔ la ɖo kpe ɖe gli la ɖoɖo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 3:11
10 Referans Kwoze  

Kafukafuhadziha evelia, si yome mia kple dukɔ la ƒe afã míedze le, to glia dzi le mía me gome ɖo ta kpoxɔ tsrala la gbɔ vaseɖe gli keke la gbɔ.


Paxat-Moab vi, siwo tso Yesua viwo kple Yoab viwo dome la, le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve.


Hodiya, Bani kple Beninu.


Xatus, Sebanya, Malux,


Paxat-Moab viwo, siwo tso Yesua kple Yoab viwo dome la, le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi.


Amesi tso Paxat-Moab viwo ɖome, enye Elyoenai, si nye Zeraxya vi, eye ŋutsu alafa eve kpe ɖe eŋu.


Amesiwo tso Xarim viwo dome la, wonye Eliezer, Yisiya, Malkiya, Semaya, Simeon,


Yedeya, Xarumaf vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me tso eƒe aƒe kasa, eye Xatus, Xasbneya vi, kpe ɖe eŋu le glia ɖoɖo me.


Zion-to nekpɔ dzidzɔ, eye Yuda-nyɔnuviwo netso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta!


Xarim viwo le ame alafa etɔ̃ kple blave.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite