Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye meɖo ŋu na fia la bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Nukaŋuti nyemaɖo adã o, esi du, si nye fofonyewo, ɖiƒe la, zu aƒedo, eye dzo fiã eƒe agbowo la?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.”

Gade chapit la Kopi




Nehemia 2:3
21 Referans Kwoze  

Tete woɖo ŋu nam bena: Ame mamle siwo susɔ tso aboyo me le anyigba dzi afima la, wole dzɔgbevɔ̃e gã kple ŋukpe me; wogbã Yerusalem ƒe gliwo, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.


Tete Kaldeatɔwo ƒo nu kple fia la ɖe Aram-gbe me bena; Fia la nenɔ agbe tegbee! Li ɖrɔ̃e la na wo dɔlawo, ekema míaɖe egɔme na wò.


Tete Bat-Seba bɔbɔ ɖe fia la ŋku me hede ta agu gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia nanɔ agbe tegbee.


Eye fia dada yi aglotuƒe la le fia la kple eƒe amegãwo ƒe nya la ta. Tete fia dada xɔ edzi gblɔ bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Wò tamesusuwo megaɖo ŋɔdzi na wò o, eye wò mo megafu tititi o!


Nye aɖe nalé ɖe aŋɔme, nenye be, nyemeɖo ŋku dziwò o, nenye be, Yerusalem meƒo nye dzidzɔwo ta o!


Esi wova doa gbɔ la, edo avisimegbee yɔ Daniel; fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Daniel, wò Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, te ŋu ɖe wò tso dzatawo si mea?


Eye ŋutsuawo gblɔ bena: Míele nyaa ɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko.


Eƒe agbowo ɖo agu, eye wogblẽ eƒe gametiwo heŋe wo; eƒe fia kple eƒe amegãwo le dukɔwo dome, se mele wo si o, woƒe nyagblɔɖilawo hã mekpɔa ŋutega tso Yehowa gbɔ o.


Eye Xizkiya mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe to dzi mɔ, si yi Dawid viwo ƒe yɔdowo gbɔ la to. Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo ɖe bubu eŋu le eƒe ku me, eye via Manase zu fia ɖe eteƒe.


Eye Axaz mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖu ɖe ɖu la me le Yerusalem, elabena wometsɔe yi Israel-fiawo ƒe ɖiƒe o; eye via Xizkiya zu fia ɖe eteƒe.


Exɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe enyi le Yerusalem; eye wòyi, ke eƒe nu meve amea ɖeke o; woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, ke menye ɖe fiawo ɖiƒe o.


Eye woxɔ edzi gblɔ na fia Nebukadnezar bena: Fia nenɔ agbe tegbee!


Atso àkpɔ nublanui na Zion, elabena enuveɣi ɖo, eye azãgbe la de.


Magbã miaƒe duwo woazu glikpo, eye mana miaƒe teƒe kɔkɔewo nazu aƒedo, eye miaƒe numemewo magaʋẽ ɖem lilili o.


Le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrelia dzi, si nye fia Nebukadnezar Babel-fia ƒe ƒe wuiasiekelia me la, Nebuzaradan, fia ŋu asrafowo ƒe amegã, si nye Babel-fia ƒe dɔla la, va Yerusalem,


Wòtɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi, wòtɔ dzo woƒe fiasãwo katã, eye wogblẽ woƒe nu xɔasiwo katã.


Meto balimegbo la nu le zã me heva ke ɖe lovudo la kple akɔligbo la gbɔ, eye meɖe ŋku ɖe Yerusalem ƒe gli gbagbãwo kple alesi dzo fiã eƒe agbowoe.


Le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia dzi, si nye fia Nebukadnezar, Babel-fia ƒe ƒe wuiasiekelia dzi la, fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan, amesi nɔa tsitre ɖe Babel-fia ŋku me la, va Yerusalem,


Elabena aleke mate ŋu, akpɔ dzɔgbevɔ̃e, si ava nye dukɔ dzi la kple ŋku, eye aleke mate ŋu akpɔ, alesi wole nye ƒɔmetɔwo tsrɔ̃mi la kple ŋku?


Mexa gobaa, eye mebi ŋutɔ, meƒo ɖi le yiyim ŋkekeawo katã.


Elabena wò dɔlawo melɔ̃a nu le eƒe kpewo gbɔ o, eye eƒe anyiglãwo ƒe nu vea wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite