Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete megblɔ na wo bena: Miele dzɔgbevɔ̃e, si me míele la kpɔm, be Yerusalem zu aƒeɖo, eye eƒe agbowo fiã oa? Eyata mina míaɖo Yerusalem ƒe gliawo, be womagaɖe alɔme le mía ŋu azɔ o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Megblɔ na wo azɔ be, “Mienya dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe Yerusalem dzi nyuie. Dua gbã, eye agboawo fia. Miva, mina míagbugbɔ Yerusalem ƒe gli aɖo, eye míaɖe ŋukpe sia ɖa le mía dzi!”

Gade chapit la Kopi




Nehemia 2:17
23 Referans Kwoze  

Matsɔ wò awɔ gbegbe kple alɔmeɖenu le dukɔ, siwo ƒo xlã wò godoo la dome kple amesiwo katã toa ŋuwò yina la ŋku me.


Tete woɖo ŋu nam bena: Ame mamle siwo susɔ tso aboyo me le anyigba dzi afima la, wole dzɔgbevɔ̃e gã kple ŋukpe me; wogbã Yerusalem ƒe gliwo, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.


Míezu ŋukpe na míaƒe aƒelikawo kple alɔmeɖenu kpakple vlododo na amesiwo ƒo xlã mi?


Nye ŋku le veyem ɖe luʋɔ me ke nam le nye ɖu ƒe nyɔnuviwo katã ta.


Aƒetɔ la gblẽ Yakob ƒe lãnyiƒewo katã, mekpɔ wo ta o, eghã Yuɖa-nyɔnuvi ƒe mɔ̃ sesẽwo wosɔ kple anyigba le eƒe dziku me, eye wogblẽ ka ɖo na fiaɖuƒe la kple eƒe amegãwo.


Matsɔ wo awɔ bibi kple dzɔgbevɔ̃e na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, ahamasinu kple ɖiŋudonu le teƒe, siwo katã manyã wo aɖo ɖo.


Oo, Aƒetɔ, ɖo míaƒe aƒelikawo ƒe vlo, si wodo wò la, teƒe ɖe akɔnu na wo zi adre!


Etsɔ wò dukɔ dzra ho kpɔtsɔe, eye medo asi loloe ɖe wo ŋu o.


Ke Amonitɔ Nahas ɖo ŋu na wo bena: Hafi mabia nu kpli mi la, ele be, maŋɔ ɖusi me ŋku na mia dome amesiame, ne mado ŋukpe Israel blibo la!


Meto balimegbo la nu le zã me heva ke ɖe lovudo la kple akɔligbo la gbɔ, eye meɖe ŋku ɖe Yerusalem ƒe gli gbagbãwo kple alesi dzo fiã eƒe agbowoe.


Ke amegãwo menya afisi mede kple nusi meɖawɔ o; eye nyemeka eta na Yudatɔwo nunɔlawo, bubumewo, amegãwo kple dɔwɔla bubuawo o.


Salum, Kol-Xoze vi, amesi nye amegã le Mizpa-nutowo me la, ɖɔ vudogbo la ɖo; ewu enu, eye wògbã eta me hede agbo kple ʋɔtru ŋugawo kpakple ʋɔmedetiwo enu; edo Selax-ta la ƒe gli, si le fia ƒe abɔ ŋu vaseɖe atrakpui, si ɖiɖi de Dawid ƒe dua me la gbɔ.


Elahena kluviwo míenye, ke mía Mawu megblẽ mí ɖi ɖe míaƒe kluvinyenye la me o, ke boŋ eve mía nu le Persia-fiawo ŋku me, ne woana agbe naɖo mía me, ne míatu mía Mawu le xɔ la, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo, eye gli nano mia si le Yuda kple Yerusalem.


Etsɔ mí wɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo kple alɔmeɖenu kpakple nu ɖikokoea na amesiwo ƒo xlã mi.


Elabena wò dɔlawo melɔ̃a nu le eƒe kpewo gbɔ o, eye eƒe anyiglãwo ƒe nu vea wo.


Ŋkeke la ghɔna, be woaɖo wò gliwo, eye wò liƒowo ate ayi adzɔge ʋĩ gbemagbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite