Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe ɖɔla Tobiya wosee la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be, amea ɖe va nyui di ge na Israel-viwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke esi Sanbalat, Horonitɔ kple Tobia, Amonitɔ, ame siwo nye dɔnunɔlawo se nya sia la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be ame aɖe va nyui di ge na Israelviwo.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 2:10
26 Referans Kwoze  

tete mede amewo do anyigbe gome le glia godo le gbagbagbe; meɖo dukɔ la le woƒe ƒomeawo nu, eye wole woƒe yiwo, akplɔwo kple dawo ɖe asi.


Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe dɔla Tobiya kpakple Arabiatɔ Gesem wosee la, woɖu fewu heɖe alɔme le mia bu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm míele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?


Dziku la, nu nyayrãe, eye dɔmedzoe dzea agbo; ke ameka ale ŋu anɔ te ɖe ŋuʋaʋã nu?


Do ŋgɔ na esia la, nunɔla Elyasib, amesi wotsɔ ɖo mía Mawu ƒe aƒe ƒe xɔwo nu, eye wòɖo ƒome kple Tobiya la, dzra xɔ loloe ɖeka me do nɛ,


Eye wòva me, esime Sanebalat, Tobiya kple Arabiatɔ Gesem kpakple míaƒe tutɔ mamleawo se be, mede gliawo, eye gbagbãƒea ɖeke megale eŋu o la, — vaseɖe ɣemaɣi la, nyiemekpɔ de agbo mɔnuwo nu haɖe o —


Eye esi mawuxɔdzikpɔla kple nunɔlagãwo se nya siawo la, wotsi dzodzodzoe le wo ŋuti bena: Nuka goe nye esia?


le esi wòve wo bena, wole nu fiãm dukɔ la, eye wole tsitretsitsi tso ame kukuwo dome gblɔm fia le Yesu ŋuti la ta.


Le Xesbon ƒe aƒadodo, si ɖi vaseɖe Eleale kple Yahaz ta wodo ɣli tso Zoar va ke ɖe Xoronayim vaseɖe Eglat etɔ̃lia ke, elabena Nimrim ƒe tsiwo hã amie.


Wole avi fam lia Luxit ƒe to dzi mɔ la, eye konyifaɣli le ɖiɖim le wo nu le Xoronayim ƒe abu nu le gbegblẽ la ta.


Nye dzi le nu xam ɖe Moab ŋu, eya, si ƒe amewo si de Zoar kple Eglat etɔ̃lia ke; elabena wole avi fam le Luxit-to dzi mɔ la dzi; elabena konyifaɣli le ɖiɖim le wo ŋu le Xoronayim-mɔta.


Mekpɔ kluviwo le sɔ dzi, eye amegãwo le afa zɔm ahe kluviwo ene.


Ne kluvi zu fia, ne nuɖuɖu bɔ ɖe bometsila si,


Ame vɔ̃ɖi kpɔe, eye dzi kui, eɖu aɖukli, eye wòabu ɖa. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu ayi.


Gbemagbe woxlẽ Mose ƒe segbalẽ la ɖe dukɔ la ƒe to me, eye wokpɔ woŋlɔ ɖe eme be, Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke megava Mawu ƒe ha la me gbeɖegbeɖe o;


Esime míate futɔwo katã see la, vɔvɔ̃ ɖo dukɔ, siwo katã ƒo xlã mi godoo va kpe la, eye dzi ɖe le wo ƒo, eye wodze sii bena, mía Mawu gbɔ ɖɔ sia tso wowɔ.


Nunɔlagã Elyasib vi Yoyada viwo dometɔ ɖeka nye Xoronitɔ Sanebalat ƒe to, eye menyãe ɖa le ŋunye.


Elabena Yudatɔ Mardoxai enye evelia kplɔ fia Axasweros ɖo, exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome, eye nɔvia gbogboawo lɔ̃ eƒe nya; edi nyui na eƒe dukɔ, eye wòƒo nu na edeviwo katã ƒe nyonyo.


Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame susɔea, siwo katã le Mizpa, fia vinyɔnuwo kple dukɔ blibo, si kpɔtɔ ɖe Mizpa, amesiwo nu fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan tso Gedalya, Axikam vi la ɖo; woawo Ismael, Netanya vi la, ɖe aboyoe, eye wòdzo, be yeayi Amon-viwo gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite