Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 13:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Emegbe megblɔ be, woakɔ xɔ la ŋu, eye megafɔ Mawu ƒe eƒe ŋu dɔwɔnuawo, nuɖuvɔsa kple atike ʋeʋẽeawo va mee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 13:9
5 Referans Kwoze  

eye wògblɔ na wo bena: Mi Lewi-viwo, miɖo tom! Mikɔ mia ɖokui ŋu, eye mikɔ Yehowa, mia tofowo ƒe Mawu ƒe aƒe la ŋu, eye miɖe nu makɔmakɔwo ɖa le kɔkɔeƒe la.


eye woƒe Mawu ƒe dɔ kple ŋutikɔklɔdɔ le wo si me la ŋuti; eye hadzilawo kple agbonudzɔlawo tsi tre ɖi le Dawid kple via Salomo ƒe se la nu.


Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.


Eye xɔvia ɖe li, si fe ŋgɔdze le agbo la ƒe domegliwo ŋu, afima wokpalaa numevɔsalã le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite