Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 13:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Nunɔlagã Elyasib vi Yoyada viwo dometɔ ɖeka nye Xoronitɔ Sanebalat ƒe to, eye menyãe ɖa le ŋunye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Yoiada, Eliasib, nunɔla la ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖe Sanbalat, Horonitɔ la ƒe vinyɔnu, ale menyae le gbedoxɔ la me.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 13:28
14 Referans Kwoze  

Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe dɔla Tobiya kpakple Arabiatɔ Gesem wosee la, woɖu fewu heɖe alɔme le mia bu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm míele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?


Le Elyasib, Yoyada, Yoxanan kple Yadua ŋɔli la woŋlɔ Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo kple nunɔlawo ɖi le Persiatɔ Dario ƒe fiaɖuɖu me.


Yesua dzi Yoyakim, Yoyakim dzi Elyasib, eye Elyasib dzi Yoyada,


Tete nunɔlagã Elyasib kple si nɔviawo, siwo nye nunɔlawo la, wotso, eye woɖe alẽgbo la, wokɔ eŋu, eye woɖe ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu vaseɖe xɔ tsrala Hamea kple xɔ tsrala Xananel gbɔ.


Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe ɖɔla Tobiya wosee la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be, amea ɖe va nyui di ge na Israel-viwo.


Fia nyanu ɖea vovo ame vɔ̃ɖiwo me, emegbe wònana wona luƒotasiaɖam toa wo dzii.


Fia, si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, ƒe ŋku dea vovo vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã me.


Magblẽ anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo katã ŋdi sia ŋdi, ne matsrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã ɖa le Yehowa ƒe du la me.


Tete meka mo na wo, meƒo fi de wo, meƒo wo dome ŋutsua ɖewo, eye menya ɖa na wo, eye meta Mawu na wo bena: Migatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na woƒe ŋutsuviwo o, eye migaɖe woƒe nyɔnuviwo na míaƒe ŋutsuviwo kple mía ŋutɔwo ɖokui o!


Ke esi Sanebalat kple Tobiya, Arabiatɔwo kple Amonitɔwo kpakple Asdodtɔwo se be, woɖɔ Yerusalem ŋu gliwo ɖo, eye gbagbãƒeawo ɖe asi xexe me la, dzi ku wo ŋutɔ,


Ke ne amea ɖe meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, woagblẽ eƒe kesinɔnuwo kalã gbidigbidi, eye woaɖe eya ŋulɔ le aboyomewo ƒe ha la me, abe alesi amegãwo kple ame tsitsiwo ɖo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite