Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 13:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ɖe Israel-fia Salomo mewɔ nuvɔ̃ le esia ta oa? To egbɔ be, fiaa ɖeke mede enu le dukɔ geɖewo dome o, eye wonye ete Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ, eye Mawu tsoe ɖo fia ɖe Israel blibo la nu hã la, dutanyɔnuwo blee de nuvɔ̃ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 13:26
10 Referans Kwoze  

Eye nusi mèbia o hã la, metsɔe na wò, kesinɔnu kple bubu siaa, ale be tɔwò tɔgbea ɖeke manɔ fiawo dome le wò agbe me ŋkekewo katã me o.


Eye mekpɔ be, nusi vena wu ku, enye nyɔnu, si nye ɖɔ vena kaɖikaɖi wu ku ɖeɖe sɔŋ, ete dzi nye mɔ̃ka, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Amesi ƒe nu nyo Mawu ŋu la, sina le enu, ke eɖea nuvɔ̃wɔlawo.


eyata metsɔ nu nya kple sidzedze na wò, eye matsɔ ho kple kesinɔnu kpakple bu bu, siwo menɔ fia, siwo do ŋgɔ na wò si, eye womana esiwo adze yowòme si alea o la, akpe ɖe eŋu na wò.


Ale fia Salomo ɖo kpo ɖe anyigba dzi fiawo katã dzi le kesinɔnu kple nunya gome.


Megatsɔ wò ŋusẽ na nyɔnuwo o kple wò zɔzɔme na nyɔnu fiagblèlawo o!


kpɔ ɖa, mewo abe alesi negblɔ ene, eye metsɔ dzi nyanu, si sea nu gome la, na wò, ale be towò tɔgbea ɖeke menɔ ŋgɔwò va yi o, eye tɔwò tɔgbea ɖeke madzɔ le megbewò o.


Ale ba Salomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.


Amea ɖeke meli ɖe Axab, si tsɔ eɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me la nu o, elabena srɔ̃ Izebel ye blee de eme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite