Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 elabena wometsɔ abolo kple tsi va kpe Israel-viwo o, eye woda Bileam ɖe wo ŋu, be wòaƒo li aɖe wo, ke mía Mawu trɔ fiƒoɖe la wòzu yayra.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 13:2
12 Referans Kwoze  

elabena wometsɔ abolo kple tsi va kpe mi le mɔ dzi, esime mieʋu tso Egipte la o, eye woda Bileam, Beor vi, tso Petor le Mesopotamia ɖe mia ŋu, be wòaƒo fi ade mi.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Nye ɖukɔ, ɖo ŋu tame, si Moab-fia Balak ɖo, kple alesi Bileam, Beor vi la, ɖo eŋu nɛ; ɖo ŋu nya, siwo dzɔ tso Sitim vaseɖe Gilgal, ne nadze si Yehowa ƒe dɔmenyo!


Woaƒo fi ade faa, ke wò la, ayra tsã; ne wotso ɖe ŋunye hã, woaɖu ŋukpe; ke wò dɔla ya akpɔ dzidzɔ.


Tete wòdo eƒe numegbe la bena: Tsi tre, Balak, nase gbe! Zipor vi, le to de ŋunye!


Esime wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi la, wotre mɔ, eye wodze Bileam, Beor vi, amesi lɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu la yome;


Ahasivia ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o; kekeke eƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.


Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o, kekeke woƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me gbeɖe o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite