Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 13:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Tirotɔ, siwo le dua me hã, tsɔ tɔmelãwo kple adzɔnu vovovo vɛ, eye wodzra wo na Yuda-viwo le Yerusalem le dzudzɔgbe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Tirotɔ aɖewo hã nɔ Yerusalem, ame siwo nɔ tɔmelã kple adzɔnu vovovowo dzram le Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 13:16
5 Referans Kwoze  

Ŋkeke aɖe nawɔ wò dɔwo, ke naƒo ŋkeke adrelia ade eme, bena wò nyi kple wò tedzi nadzudzɔ, eye wò kosi ƒe ŋutsuvi kple amedzro nagbɔ ɖe eme.


ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu alo wò dɔlanyɔnu o, eɖanye wò nyitsu, wò tedzi, wò lãwo katã alo amedzro, si dze wò du me la o, bena wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu nagbɔ ɖe me abe wò ŋuta ke ene.


Ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò lã, alo wò amedzro, si dzewo du me la o.


Le ɣemaɣi mekpɔ be, amea ɖewo fiã wein le dzudzɔgbe le, wotsɔ lubablawo va aƒee, eye wotsɔ wein, weintsetse kple gbotitsetse kpakple agba vovovowo do agbae na tedziwo hetsɔ va Yerusalem le dzudzɔgbe la. Tete mexlɔ̃ nu wo le gbesigbe wole nuɖuɖuawo dzram.


Tete meka mo na Yuda-bubumewo gblɔ na wo bena: Nu gbegblẽ ka nye esi wɔm miele hele kɔ gblẽm do na dzudzɔgbe la?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite