Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 13:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 eye metsɔ nunɔla Selemya kple agbalẽŋlɔla Zadok kpakple Pedaya tso Lewi-viwo dome do nudzraɖo ƒexɔwo dzikpɔlawoe, eye Matanya vi Zakur ƒe vi Xanan kpe de wo ŋu; elabena wobu wo anukwaretɔwoe, eye wonye woƒe dɔ be, woamã nu na wo nɔviwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 13:13
20 Referans Kwoze  

Eye meɖo nɔvinye Xanani kple mɔ̃ la ƒe amegã Xananya Yerusalem nu, elabena enye anukwaretɔ kple mawuvɔ̃la wu ame bubu geɖewo.


Ke womebu akɔnta kpli wo le ga, si wotsɔ de wo si la ŋuti o, elabena wowɔe le anukware me.


Ke nusi gakpe ɖe eŋuti la, enye bena, wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewolawoe.


Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu.


Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.


Gbemagbe wodo ŋutsuwo nudzraɖoƒexɔ, siwo me nudzɔdzɔ, nu gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia le la nu, be woadzɔ nu tso agblededuwo me ade wo me na nunɔlawo kple Lewi-viwo, abe alesi wode see ene; elabena Yuda kpɔ dzidzɔ le nunɔla kple Lewi-vi, siwo tsi tre ɖi,


ke boŋ wotsɔ wo na dɔnunɔlawo be woatsɔ aɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖoe.


Ke woado amesiawo hã akpɔ gbã, eye ne mokaka mele wo ŋu o la, ekema mina woasubɔ.


Eye meda akpe na amesi do ŋusẽm, si nye Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la be, wòbum nyateƒetɔ, eye wòtsɔm ɖo subɔsubɔ la nu,


eye wotsɔe ɖa ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Azɔ amekae nye xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala, amesi eƒe aƒetɔ aɖo eƒe aƒemetɔwo dzi be, wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Nunɔlawo ƒe viwo dometɔa ɖewo, siwo tsa kpẽwo ɖe asi, wonye: Zaxarya, Yonatan vi, amesi nye Semaya vi, amesi nye Matanya vi; amesi nye Mixaya vi, amesi nye Zakur vi, amesi nye Asaf vi.


Amesi le Lewi-viwo nu le Yerusalem ɖe Mawu ƒe aƒe la ƒe ɖɔwo ŋu la, enye Uzi, Bani vi, amesi nye Xasabya vi, amesi nye Matanya vi, amesi nye Mixa vi tso Asaf vi, siwo nye hadzilawo dome.


Mixa, Rexob, Xasabya,


Agbalẽfiala Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe, si wotsɔ ʋuƒo wɔe ɖe nusiawo tɔgbe ŋu, eye Matitya, Sema, Anaya, Uriya, Xilkiya kple Maaseya wotsi tre ɖe exa le ɖusi me, eye Pedaya, Misael, Malkiya, Xasum, Xasbadana, Zaxarya kple Mesulam wole eƒe mia me.


Emegbe Xananya, Selemya vi, kple Xanun, amesi nye Zalaf ƒe vi adelia la, ɖɔ akpa evelia ɖo; eyome Mesulam, Berexya vi, ɖɔe ɖo le eƒe aƒe kasa.


Míatsɔ míaƒe amɔwɔ kple míaƒe nudzɔdzɔ, kutsetse vovovowo, wein kple ami ƒe gbãlɔwo avae na nunɔlawo le xɔwo me le mia Mawu le aƒe la me, eye míatsɔ míaƒe agblemenuwo ƒe ewolia na Lewi-viwo, ne Lewi-viwo nava dza nuwo ƒe ewolia le míaƒe agblededuwo katã me.


Eye womebu akɔnta kple amesiwo si wode ga lae, be woatsɔ na dɔnunɔlawo o, elabena wo wɔe le anukware me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite