Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 13:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye mese be, womena Lewi-viwo ƒe gome wo o, eyata Lewi-viwo kple hadzilawo, emesiwo woa subɔsubɔdɔ la, do me amesiame yi eƒe agble me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 13:10
11 Referans Kwoze  

Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.


ɖe amegbetɔ aflu Mawu, hafi miawo miele fluyema? Eye ne miebe: Nuka míetsɔ flu wòe hã la, ɖe menye nuwo ƒe ewolia kple adzɔwoe oa?


Le Zerubabel ŋɔli kple Nexemya ŋɔli la Israel blibo la na nu hadzilawo kple agbonudzɔlawo, alesi nu hiã gbesiagbe; wotsɔ nunana kɔkɔeawo na Lewi-viwo, eye Lewi-viwo tsa nunana kɔkɔeawo na Aron viwo.


Kpɔ nyuie, be nagagblẽ Lewitɔ ɖi, ŋkeke alesi nèle agbe le wò anyigba dzi la o.


De se na Israel-viwo bena, woana duwo Lewitɔwo ɖe woƒe anyigba dzi, ne woanɔ eme; eye miana lãnyiƒe Lewitɔwo aƒo xlã dua wo akpe ɖo.


Eye ne Lewi-viwo le nuawo ƒe ewolia dzɔm la, nunɔla, si nye Aron vi la, nanɔ Lewi-viawo gbɔ, eye Lewi-viawo natsɔ nuawo ƒe ewolia ƒe ewolia ayi nudzradoƒexɔwo me le mía Mawu ƒe aƒe la me.


Eye wòde se na ameha, si nye Yerusalemtɔwo, bena woana nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe gome wo, ne woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe se la ŋu koŋ.


Mètsɔ wò alẽviwo sa numevɔ nam o, eye mètsɔ wò akpedavɔsawo de bubu ŋunye o. Nyemetsɔ wò nuɖuvɔsawo do agba na wò o, alo tsa dzudzɔ ʋeʋẽe dodo ɖe fu na wò o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite