Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 12:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Nɔvia, siwo nye. Semaya, Azareel, Milalai, Gilalai, Maai, Netaneel, Yuda kple Xanani la wole Mawu ƒe ame Dawid ƒe hadzinuwo ɖe asi, eye agbalẽfiala Ezra dze wo ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, Semaya, Azarel, Milalai, Milalai, Gilalai, Mai, Netanel, Yuda kple Hanani la tsɔ woƒe haƒonuwo abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da di ene. Ezra, agbalẽfiala la nɔ ŋgɔ na ameha la.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 12:36
8 Referans Kwoze  

Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo nye; Xasabya, Serebya kple Yesua, Kadmiel vi; eye wo nɔyiwo tsi tre ɖe wo kasa, be woakafu, eye woada akpe le Mawu ƒe ame Dawid ƒe sedede nu, ameha ɖe ameha yome.


Eɖo nunɔlawo ƒe hawo woƒe subɔsubɔdɔwo nu, le fofoa Dawid ƒe ɖoɖo la nu kple Lewi-viwo woƒe dɔwo nu, ne woakafu, eye woasubɔ le nunɔlawo gbɔ, le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, kple agbonudzɔlawo ƒe hawo ɖe agbo sia agbo nu, elabena alea Mawu ƒe ame Dawid de se gblɔ.


ame akpe ene nanye agbonudzɔlawo, eye ame akpe ene natso hadzinu, siwo mewo hena kafukafuha la, akafu Yehowa.


mi amesiwo nɔa saŋku ƒom kɔ kple avu, eye mienɔa hã kpam abe Dawid ene;


Aƒekɔwo ƒe tatɔwo kple woƒe ƒome, siwo tso Babel yi kplim le fia Artaxsasta ƒe fiaɖudu me la ƒe ŋkɔwo nye esi.


Le nya siawo megbe, esime Persia-fia Artaxsasta le fia ɖum la, Ezra ho va; enye Seraya vi, amesi nye Azarya vi, amesi nye Xilkiya vi,


Netaneel, Zuar vi, tso Isaxar-to la, me;


Nunɔlawo ƒe viwo dometɔa ɖewo, siwo tsa kpẽwo ɖe asi, wonye: Zaxarya, Yonatan vi, amesi nye Semaya vi, amesi nye Matanya vi; amesi nye Mixaya vi, amesi nye Zakur vi, amesi nye Asaf vi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite