Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 12:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Matanya, Bakbukya kple Obadya, Mesulam, Talmon kple Akub wonye agbonudzɔlawo, siwo dzɔa nudzraɖoƒexɔ, siwo le agboawo nu la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 12:25
10 Referans Kwoze  

ahade gbe abe dzata ene be: Aƒetɔ, metsi tre ɖe nye dzɔƒe la ɖaa le ŋkeke me, eye metsi dzɔƒe la le zã blibo la me,


Obed-Edom tɔ nye dziehe gome, eye viawo tɔ nye nudzraɖoƒe la.


Agbonudzɔlawo ƒe ha siawo, siwo nye ŋutsuawo ƒe tatɔwo la ƒe dɔ enye ŋudzɔdzɔ, ne woasubɔ le Yehowa ƒe aƒe la me abe wo nɔviwo ke ene.


ne woawo Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo, kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo kple wo nɔvi Aron viwo ƒe dɔwo, eye woasubɔ le Yehowa ƒe aƒe la me.


Eye woyi ɖayɔ dua ƒe agbonudzɔlawo gblɔ na wo bena: Miede Aramtɔwo ƒe asaɖa me, eye kpɔ ɖa, amea ɖeke meli o, eye amegbetɔ ƒe gbe meɖi o, ke boŋ wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo li, abe alesi wole ene.


Lewi-vi ade le ɣedzeƒe gome, wo ame ene le anyiehe gbesiagbe, wo ame ene le dziehe gbesiagbe, eye wo ame eve le nudzraɖoƒe la nu;


Eɖo nunɔlawo ƒe hawo woƒe subɔsubɔdɔwo nu, le fofoa Dawid ƒe ɖoɖo la nu kple Lewi-viwo woƒe dɔwo nu, ne woakafu, eye woasubɔ le nunɔlawo gbɔ, le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, kple agbonudzɔlawo ƒe hawo ɖe agbo sia agbo nu, elabena alea Mawu ƒe ame Dawid de se gblɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite