Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 12:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo nye; Xasabya, Serebya kple Yesua, Kadmiel vi; eye wo nɔyiwo tsi tre ɖe wo kasa, be woakafu, eye woada akpe le Mawu ƒe ame Dawid ƒe sedede nu, ameha ɖe ameha yome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 12:24
18 Referans Kwoze  

Matanya, Mixa vi, amesi nye Zabdi vi, amesi nye Asaf vi, eya nye kafukafuha ƒe henɔ, amesi doa „Mida akpe“ ɖa ɖe gbedodoɖa, kple Bakbukya, amesi nye evelia tso nɔvlawo dome, kpakple Abda, Samua vi, amesi nye Galal vi, amesi nye Yedutun vi.


Tete Yesua, Bani, Kadmiel, Sebanya, Euni, Serebya, Bani kple Kenani wotsi tre ɖe Lewi-viwo ƒe kɔkɔƒe la, eye wodo ɣli kple gbe sesi na Yehowa, woƒe Mawu la.


Dukɔ la tsi wo teƒe, eye Yesua. Bani, Serebya, Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azarya, Yozabad, Xanan, Pelaya kple Lewi-viwo wode se la me na dukɔ la.


Lewi-viwo nye: Yesua kple Kadmiel, amesiwo tso Hodaya viwo dome la, ƒe viwo le ame blaadre vɔ ene.


Eɖo nunɔlawo ƒe hawo woƒe subɔsubɔdɔwo nu, le fofoa Dawid ƒe ɖoɖo la nu kple Lewi-viwo woƒe dɔwo nu, ne woakafu, eye woasubɔ le nunɔlawo gbɔ, le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, kple agbonudzɔlawo ƒe hawo ɖe agbo sia agbo nu, elabena alea Mawu ƒe ame Dawid de se gblɔ.


Tete nyɔnu la gblɔ na Eliya bena: Azɔ medze sii bena, Mawu ƒe amee nènye, eye Yehowa ƒe gbe, si le nuwò la, nye nyateƒe.


Tete Yuda-viwo va Yosua gbɔ le Gilgal, eye Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ bena: Enya nya, si Yehowa gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le mía kpli wo ŋuti le Kades-Barnea.


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.


Ke wò la, oo Mawu ƒe ame, si le nusiawo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dziɖoɖo, dɔmefafa yome.


Woŋlɔ aƒekɔwo ƒe tatɔ, siwo nye Lewi-viwo, ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ la me vaseɖe Yoxanan, Elyasib vi ŋɔli.


Nɔvia, siwo nye. Semaya, Azareel, Milalai, Gilalai, Maai, Netaneel, Yuda kple Xanani la wole Mawu ƒe ame Dawid ƒe hadzinuwo ɖe asi, eye agbalẽfiala Ezra dze wo ŋgɔ.


Eye Dawid ɖe amewo tso Lewi-viwo dome, ne woasubɔ le Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, woaɖo ŋku Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi, woada akpe nɛ, eye woakafui


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite