Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 11:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Amesi le Lewi-viwo nu le Yerusalem ɖe Mawu ƒe aƒe la ƒe ɖɔwo ŋu la, enye Uzi, Bani vi, amesi nye Xasabya vi, amesi nye Matanya vi, amesi nye Mixa vi tso Asaf vi, siwo nye hadzilawo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Levitɔ siwo nɔ Yerusalem la ƒe amegãe nye Uzi, Bani ƒe vi, Hasabia ƒe vi, Matania ƒe vi, Mika ƒe vi. Uzi nye Asaf ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka. Dzidzimevi siawoe nye hadzilawo na subɔsubɔ le gbedoxɔ me.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 11:22
19 Referans Kwoze  

eye Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yoxanan, Malkiya, Elam kple Ezer, amesiwo nye hadzilawo la, dzi ha, eye Yizraxiya le wo nu.


Nunɔlawo ƒe viwo dometɔa ɖewo, siwo tsa kpẽwo ɖe asi, wonye: Zaxarya, Yonatan vi, amesi nye Semaya vi, amesi nye Matanya vi; amesi nye Mixaya vi, amesi nye Zakur vi, amesi nye Asaf vi.


Wo nɔvi, siwo nye ŋutsu kalẽtɔwo la, wole ame alafa ɖeka kple blave vɔ enyi; eye Zabdiel, Hagedolim vi la, le wo nu.


Seraya, Xilkiya vi, amesi nye Mesulam vi, amesi nye Zadok vi, amesi nye Merayot vi, amesi nye Axitub vi, eya nye amegã le Mawu ƒe aƒe la me.


Yoel, Zixri vi, le wo nu, eye Yuda, Hasenua vi, nye ame evelia le dua nu.


Zakur, Serebya, Sebanya,


Wo nɔviwo nye: Sebanya, Hodaya, Kelita, Pelaya, Xanan,


Dukɔ la tsi wo teƒe, eye Yesua. Bani, Serebya, Yamin, Akub, Sabetai, Hodiya, Maaseya, Kelita, Azarya, Yozabad, Xanan, Pelaya kple Lewi-viwo wode se la me na dukɔ la.


Eya yome Lewi-viwo ɖɔe ɖo: Rexum, Bami vi, ɖɔe ɖo; amesi kpe ɖe eŋu le eɖɔɖɔɖo me hena eƒe nutowo me la, enye Xosabye, amesi nye amegã le Kegila-nutowo ƒe afa me.


Xasabya kple Yesaya, amesi tso Merari viwo dome, kpe ɖe eŋu; nɔviawo kple wo viwo le ame blave.


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


eye metsɔ nunɔla Selemya kple agbalẽŋlɔla Zadok kpakple Pedaya tso Lewi-viwo dome do nudzraɖo ƒexɔwo dzikpɔlawoe, eye Matanya vi Zakur ƒe vi Xanan kpe de wo ŋu; elabena wobu wo anukwaretɔwoe, eye wonye woƒe dɔ be, woamã nu na wo nɔviwo.


Elabena tso gbaɖegbe ke le Dawid kple Asaf ŋɔli amegãwo le hadzilawo kple Mawu ƒe kafukafuhawo kpakple akpedahawo nu.


Eye ŋutsuvi suea ɖe le Mefiboset si, eŋkɔ nye Mixa; eye Ziba-ƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe dɔlawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite