Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nehemia 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Míewɔ nu gbegblẽ de ŋuwò, eye míewɔ se, ɖoɖo kple kɔnu, siwo nede asi na wò dɔla Mose la dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o.

Gade chapit la Kopi




Nehemia 1:7
24 Referans Kwoze  

Israel blibo la da wò nufiamewo dzi, eye wòle de aga hegbe wò gbesese, eyata fiƒode kple atam, siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sea me la, va mía dzi, elabena míewɔ nuvɔ̃ de eŋu.


Dzɔgbevɔ̃e siawo katã va mía dzi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe sea me ene; ke míeƒo koko na Yehowa, mía Mawu la, ne míaɖe asi le míaƒe vodadawo ŋu, eye míalé ŋku ɖe eƒe nyateƒe ŋu o.


Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Megblɔ be; Ne evɔ̃m, eye wòna wobe to nɛ la, ekema nyemagblẽ eƒe nɔƒe o, eye nusiwo katã meɖo ɖe eŋu la, mava edzi o; ke wole nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzi ɖaa atraɖi.


Wogbẽ wòtso me abe le Gibea ŋɔli ene; ado ŋu woƒe vodadawo, eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.


Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.


Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Uziya wɔ pɛpɛpɛ ene, negbe ɖeko eya mege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o. Ke dukɔ la gale nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ɖaa ko.


Ke mewu wo viwo o, abe alesi Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be: Fofowo megaku ɖe viwo nu o, eye viwo megaku ɖe fofowo nu o, ke boŋ amesiame nèku ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta.


Lé ŋku ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe nudidiwo ŋu, eye nazɔ eƒe mɔwo dzi, ne nalé eƒe ɖoɖowo, sewo, kɔnuwo kple ɖaseɖiɖiwo me ɖe asi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene, ne nusiwo katã nawɔ kple afisiafi, si nayi la, nadze edzi na wò;


Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Israel, se ɖoɖo kple se, siwo gblɔ ge mala ɖe to me na mi egbea, misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi!


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.


Esiawo nye se, siwo Yehowa gblɔ na Mose le Sinai-to la dzi, be woade na Israel-viwo.


Baba na mi anyigba dzi nɔlawo, dukɔ, si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo, vodalawo ƒe viwo, vi gbegblẽ wo! Wogblẽ Yehowa ɖi, wodo ɖiŋu na Israel ƒe kɔkɔeto la, eye wogbugbɔ ɖe megbe.


Ne viawo gblẽ nye nufiame ɖi, eye womezɔ de nye kɔnuwo nu o,


ne wogblẽ kɔ do na nye ɖoɖowo, eye womewɔ nye sewo dzi o la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite